Yeremia 51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mediatɔwo agblẽ Babel: ke Yudatɔwo atrɔ va aƒe. 1 Ale Yehowa gblɔ esi: Manyɔ nugblẽla ƒe gbɔgbɔ ɖe Babel kple amesiwo le nye futɔwo ƒe domedomee la ŋu. 2 Madɔ amedzrowo ɖe Babel ŋu, ne woagbɔe, eye woadi gbolo eƒe anyigba, elabena woaƒo ɖe edzi le dzɔgbevɔ̃egbe tso goawo katã me. 3 Aŋutrɔdalawo nehe da me ɖe amesi he da me kple amesi le gawu me la ŋu! Migakpɔ woƒe ɖekakpuiwo ta o, eye mitsrɔ̃ woƒe aʋakɔ blibo la; 4 ne ame tsiaʋawo nanɔ Kaldea-nyigba dzi, eye amesiwo woda nui lã, nanɔ woƒe ablɔwo me. 5 Ke woƒe Mawu, Yehowa Zebaot, megblẽ Israel kple Yuda ɖi wonye ahosi o; elabena anyigba ma ɖi to geɖe ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu. 6 Misi dzo le Babel, eye amesiame neɖe eƒe agbe, ne míagatsrɔ̃ ɖe woƒe vodadawo me o, elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biaɣi enye esia; nusi wòwɔ la, eya teƒe woaɖo nɛ. 7 Sikakplu enye Babel le Yehowa si me, si na anyigba blibo la mũ aha; dukɔwo no eƒe wein, eyata dukɔwo le ya mum sagãsagã ɖo. 8 Zi ɖeka kasia Babel ge dze anyi hegbã. Mifa avi ɖe eŋu, miɖatsɔ atike vɛ hena eƒe veveseseawo, ɖewohĩ eƒe lãme ahaya. 9 Miehe, míada gbe le Babel ŋu, ke hayahaya mele eŋu o; eyata migblẽè ɖi, eye mia dome amesiame neyi eƒe anyigba dzi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ de dziƒo ke, eye wòɖatɔ alilikpowo. 10 Yehowa he míaƒe nya dzɔdzɔe ɖe go, miva, ne míaɖaxlẽ nusi Yehowa, mia Mawu, wo la afia le Zion. 11 Minyre aŋutrɔwo, mikpla akpoxɔnuwo! Yehowa nyɔ Media-fiawo ƒe gbɔgbɔ, eye wode adaŋu ɖe Babel ŋu, be woagblẽe; elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae, hlɔ̃biabia ɖe eƒe gbedoxɔ nue. 12 Mitu aflaga ɖe Babel-gliwo dzi, mina dzɔlawo nasɔ gbã ɖe edzi, miɖo gbetakpɔlawo, eye miɖe amewo ɖo xa me; elabena Yehowa ɖo ta me, eye awɔ nusi wògblɔ ɖe Babeltɔwo ŋu la hã ade goe. 13 Wò amesi le lɔ gãwo to, eye kesinɔnu ɖo agbogbo ɖe asiwò, wò nuwuwu ɖo, eye dzidze, si nu woalã wò ɖo la ɖe! 14 Yehowa Zebaot la eƒe agbe be: Ne metsɔ amewo yɔ wò taŋ abe ʋetsuviwo ene hã la, woatso ayiboopɛɛ ɖe ŋuwò! 15 Eya amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, tsɔ eƒe nunya ɖo xexeame anyi, eye wòtsɔ eƒe gɔmesese keke dziƒo mee. 16 Eƒe gbeɖeɖe nana tsiwo ɖina hoo le dziƒo, eye wònana atu hona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu; ewɔa dzikedzo kpena ɖe tsidzadza ŋu, eye wòɖea ya donae tsoa eƒe nudzraɖoƒe. 17 Amegbetɔwo katã dzɔa lã le woƒe nunya me, eye ŋukpe léa legbakɔlawo katã, elabena alakpa enye nusi wokɔna, eye gbɔgbɔa ɖeke menɔa eme o. 18 Nu dzodzroawo wonye, dɔwɔwɔ, si ŋu woaɖe alɔme le la wonye; woatsrɔ̃ le gbesigbe woahe to na wo. 19 Ke Yakob ƒe gome mele abe woamawo ene o, elabena eyama nye nuwo katã wɔla, eye Israel enye eya ŋutɔ ƒe ƒome; Yehowa Zebaot enye eƒe ŋkɔ. 20 Zũ kple aʋawɔnu nènye nam, wòe matsɔ agbã dukɔwoe gudugudu, eye wòe matsɔ atsrɔ̃ fiaɖuƒewoe. 21 Wòe matsɔ agba sɔ kple edola, eye wòe matsɔ agba tasiaɖam kple emenɔla; 22 wòe matsɔ agba ŋutsu kple nyɔnu, wòe matsɔ agba amegã ɖeɖi kple ɖevi, eye wòe matsɔ agba ɖekakpui kple ɖetugbi; 23 wòe matso agba lãkplɔvi kple lãha, wòe matsɔ agbã agbledela kple eƒe lãwo, eye wòe matsɔ agba anyigbanunɔla kple amegãwo. 24 Ke mahe to na Babel kple Kaldeatɔwo katã le mia ŋku me le woƒe vɔ̃, siwo katã wowɔ ɖe Zion ŋu la ta, Yehowa ye gblɔe. 25 Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò togblẽnu, si tsrɔ̃ anyigba blibo la, maɖo nye asi ɖa ɖe ŋuwò ahamli wò tso agakpe dzi aƒu anyi, eye matsɔ wò awɔ to fiafiãe, 26 ale be womagatsɔ wò kpea ɖeke awɔ dzogoekpe alo gɔmeɖokpee o, elabena azu gbegbe tegbee, Yehowa ye gblɔe. 27 Mitu aflaga ɖe anyigba dzi, miku kpẽ le dukɔwo dome, mikɔ dukɔwo ŋu ɖe eŋuti, miyɔ fiaɖuƒewo ɖe eŋuti tso Ararat, Mini kple Askenas, miɖo aʋafiawo ɖe eŋuti, eye mikplɔ sɔwo vɛ abe ʋetsuvi tofuwo ene! 28 Mikɔ dukɔwo ŋu ɖe eŋuti, Media-fiawo, woƒe anyigbanunɔlawo kple woƒe amegãwo katã kpakple woƒe fiaɖuƒe ƒe anyigba blibo la! 29 Tete anyigba ʋuʋu, eye dzidzi ƒoe, elabena Yehowa wo eƒe tame, si wòɖo ɖe Babel ŋu, be yeana Babel-nyigba nazu gbegbe, eye ame navɔ le edzi la dzi. 30 Babel-kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ, wobɔbɔ no woƒe mɔ̃wo me, eye ŋusẽ vɔ le wo ŋu wozu nyɔnugbɔmewo; wotɔ dzo woƒe nɔƒewo, eye wòŋe woƒe gametiwo. 31 Duƒula yi ɖakpe duƒula, eye duxɔla yi ɖakpe duxɔla, ne woagblɔ na Babel-fia be, wòxɔ eƒe du la le goawo katã me, 32 wòxɔ tɔtsoƒewo, wòtɔ dzo tɔʋuwo, eye dzi ɖe le aʋawɔlawo ƒo. 33 Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Babel-nyɔnuvi le abe lugbɔƒe le ɣeyiɣi, si me woƒoa eme dana ɖi la ene; esusɔ vie ko, ne nuŋeɣi naɖo nɛ. 34 Babel-fia Nebukadnezar ɖu mí, etsrɔ̃ mi, eye wòtsɔ mí wɔ goe ƒuƒlui, emi mi abe ʋɔ ene, etsɔ míaƒe nu viviwo yɔ eƒe ƒodoe, eye wònyã mí de gbe. 35 Zion-nyɔnu negblɔ be: Ŋuta, si wosẽ le ŋunye, kple nye ŋutilã neva Babel dzi! Yerusalem negblɔ be: Nye ʋu neva Kaldeatɔwo dzi! 36 Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Madrɔ̃ wò nya, eye mabia hlɔ̃ na wò, mana woƒe atsiaƒu naƒu kplakplakpla, eye woƒe vudo namie. 37 Babel azu anyiglãgo kple amegãxiwo nɔƒe, azu gbegbe kple tsiãdonu, eye ame avɔ le eme. 38 Wo katã le xɔxlɔ̃m abe dzatawo ene, eye wole gbe tem abe dzataviwo ene. 39 Yehowa be: Ne woƒe lãme tɔ dzo la, matu aglo na wo, eye mana woamu aha, ne woada alɔ̃ tegbetegbe, eye womaganyɔ akpɔ o. 40 Mana woakplɔ wo ayi wuƒe abe alẽviwo, agbowo kple gbɔ̃tsuwo ene. 41 Aleke asi su Sesax dzi, eye woxɔ anyigba blibo la ƒe adegbeƒonu, aleke Babel zu ŋɔdzidonu le dukɔwo dome ale? 42 Atsiaƒu ƒo ɖe Babel dzi, eye eƒe tsotsoewo ƒe nyanyrã nyẽ tsyɔ edzi. 43 Eƒe duwo zu gbegbe, kuɖiɖinyigba kple tagba, anyigba, si dzi amea ɖeke mele o, eye amegbetɔvia ɖeke metona yina o. 44 Mahe to na Babel ƒe Bel, maɖe nusi wòmi la le nu me ne, eye dukɔwo magaƒo zi ɖe eŋu azɔ o; Babel ƒe gliwo hã amũ. 45 Nye dukɔ, midzo le egbɔ, eye amesiame neɖe eƒe agbe tso Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli la nu! 46 Ne nyaa ɖe ɖi le ƒe si me, eye nya bubu ɖi le ƒe keme me, ŋutasesẽ le anyigba dzi, eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la, dzi megaɖe le mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ megaɖo mi le nya, si miese le anyigba dzi la la o. 47 Eyata kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mahe to na Babel ƒe legbawo, ŋukpe alé eƒe anyigba blibo la, eye eƒe ame tsiaʋawo katã atsi eme. 48 Dziƒo kple anyigba kple edzi nuwo katã atso aseye ɖe Babel ŋu; elabena nugblẽla atso anyiehe ava ƒo ɖe edzi, Yehowa ye gblɔe. 49 Israel ƒe ame tsiaʋawo, ele na Babel hã be, woatsi aʋa, abe alesi anyigba blibo la ƒe amewo tsi aʋa le Babel ta ene. 50 Mi amesiwo si le yi nu, midzo, eye migatɔ ɖi o! Miɖo ŋu Yehowa le adzɔge, eye Yerusalem nenɔ ta me na mi! 51 Ŋukpe lé mí, elabena ele na mí be, míase vlodoame kple to; ŋukpe tsyɔ mo na mí, elabena ame tutɔwo va ƒo ɖe Yehowa ƒe aƒemenu kɔkɔeawo dzi. 52 Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mahe to na woƒe legbawo, eye ame tsiaʋawo anɔ ŋeŋem le anyigba blibo la dzi. 53 Ne Babel lia dziŋgɔli me, eye eƒe mɔ̃ sesẽwo mele lialia o hã la, nugblẽla atso gbɔnye ava ƒo ɖe edzi, Yehowa ye gblɔe. 54 Miƒu to anyi, ɣli ɖi tso Babel, eye mumũ gãa ɖe tso Kaldea-nyigba dzi! 55 Elabena Yehowa atsrɔ̃ Babel, eye wòatsi eƒe hoowɔwɔ nu, eƒe tsitsotsoewo adze agbo abe lɔ gãwo tɔ ene, eye woƒe gbeɖeɖe nu asẽ. 56 Elabena nugblẽla aƒo ɖe Babel dzi, eye wòaɖe aboyo eƒe kalẽtɔwo, eye woƒe dawo aŋe, elabena Mawu nuteƒeɖola enye Yehowa, eye ahe to kokoko. 57 Eye mana aha woƒe tatɔwo kple woƒe nunyalawo, woƒe anyigbanunɔlawo kple woƒe amegãwo kpakple woƒe kalẽtɔwo woano amu, eye woadɔ alɔ̃ tegbetegbe, womaganyɔ o; fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot lae gblɔe. 58 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woagbã Babel ƒe gli kekeawo vaseɖe agunu ke, eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔwo, ale be wòanye ɖeko dukɔwo wɔ dɔ ɖe ya me, eye anyigbadzitɔwo ku kutri hena dze. 59 Nyagblɔɖila Yeremya ƒe nya, si wòtsɔ de se na Seraya, Maxseya vi, Neriya ƒe vi, esime woa kple Yuda-fia Zedekiya woyina Babel le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me, eye Seraya nye mɔzɔmegã la, enye si. 60 Tete Yeremya ŋlɔ dzɔgbevɔ̃e, siwo katã le Babel dzi va ge la, ɖe agbalẽ me; eya nye nya, siwo katã woŋlɔ ɖe Babel ŋu. 61 Eye Yeremya gblɔ na Seraya bena; Ne èva Babel la, ekema ɖo ŋu anyi, eye naxlẽ nya siawo katã 62 gblɔ bena: Yehowa, wòe gblɔ ɖe teƒe sia ŋu be, yeatsrɔ̃e, ne amea ɖeke maganɔ anyi o, amegbetɔwo kple lãwo siaa, eye wòanye gbegbe tegbee. 63 Eye ne èxlẽ agbalẽ sia vɔ la, ekema bia kpe ɖe eŋu, natsɔe aƒu gbe ɖe Frat me 64 agblɔ bena: Ale dzɔgbevɔ̃e, si mahe va wo dzi la, anyrɔ Babel ɖe toe, magaɖo ɖe dzi akpɔ o, eye enu ayi. Yeremya ƒe nyawo seƒe enye si. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana