Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yudatɔwo gawɔ nuvɔ̃wo tsyo ƒomevi, eye wogatsɔ tohehe do ŋɔdzi na wo.

1 Miyi ɖatsa le Yerusalem ƒe kpɔdomeewo, mikpɔ nu, eye midze si nu, midi nu gɔme se le eƒe ablɔwo me, be míakpɔ amea ɖe loo, alo amea ɖe li, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòbiaa nyateƒe ta sena hã, ekema màtsɔe akee.

2 Esi wole gbɔgblɔm be, yewota Yehowa ƒe agbe hã la, alakpa dzie wole nu tam ɖo.

3 Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.

4 Nyea mebu be: Amesiawo, ame dahewoe, wodzɔ lã, elabena Womenya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu ƒe se la o.

5 Eyata mayi ame ŋkutawo gbɔ, eye maƒo nu kpli wo; elabena woawoe nya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu ƒe se la me. Ke wo katã wòŋe kɔkuti la, eye wotso kaawo!

6 Eyata dzata ado tso ave me agbã wo, amegãxi, si le gbegbe, atsrɔ̃ wo, lãkle ade xa ɖe woƒe duwo ŋu, eye wòavuvu amesiame, si do tso wo me. Elabena woƒe vodadawo sɔ gbɔ, eye woƒe godzedzewo do agbogbo.

7 Aleke màtsɔe ake wò? Viwòwo gblẽm ɖi, woɖakpe ta ɖe gboloxɔ me.

8 Wole asi yɔm le yiyimee abe sɔtsu ɖami ene, eye amesiame le gbe tem ɖe ehavi srɔ̃ ŋu.

9 Yehowa be: Ɖe nyemahe to le esia ta, eye ɖe nye luʋɔ mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbe oa?

10 Miɖe woƒe gliwo dzi, ne miagblẽ nu; ke menye gbidigbidi o! Miho woƒe weinkawo, elabena menye Yehowa tɔ wonye o.

11 Yehowa be: Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe dze go ɖem.

12 Wosẽ nu le Yehowa ŋu gblɔ bena: „Menye eyae o; dzɔgbevɔ̃e mava mía dzi o, eye míakpɔ yi kple dɔwuame kple ŋku o;

13 nyagblɔɖilawo azu ya, elabena menye eyae ƒo nu to wo dzi o; woawo ŋutɔwo ŋu ke woaɖi.“

14 Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot gblɔ esi: Esi miele nu ƒom alea la, eyata kpɔ ɖa, mana nye nya, si le nuwo la, nanye dzo, eye dukɔ sia nanye nake, ne wòafiã wo.

15 Yehowa be: Israel ƒe aƒe, eyata makplɔ dukɔa ɖe tso didiƒe ava ƒo ɖe mia dzi, dukɔ sẽnu wònye, blema dukɔ wònye, dukɔ, si ƒe gbe mènya o, eye mèsea eƒe nuƒoƒo me hã o.

16 Eƒe daku le abe yɔdo nuvo ene; kalẽtɔwo sɔŋ wonye.

17 Aɖu wò agblemenu kple wò abolo, aɖu wò ŋutsuviwo kple wò nyɔnuviwo, aɖu wò alẽwo kple wò nyiwo, aɖu wò weinka kple wò gbotiwo, eye atsɔ yi agba wò du sesẽ, siwo ŋu nèle dzi ɖem ɖo.

18 Ke ɣemaɣi hã nyematsrɔ̃ mi gbidigbidi o, Yehowa ye gblɔe.

19 Eye wòava me, ne wogblɔ be: Nukata Yehowa wɔ nusiawo katã mí ɖo hã la, ekema naɖo ŋu na wo be: Alesi miegblẽm ɖi hesubɔ mawu tutɔwo le mia ŋutɔwo miaƒe anyigba dzii la, nenema ke miasubɔ du bubu me tɔwo le anyigba, si menye mia tɔ o la dzii.

20 Ɖe gbe ƒã nya sia le Yakob ƒe aƒe la me, eye na woasee le Yuda be:

21 Dukɔ tsibome manyanu, mise esia, amesiwo ŋku li na, hafi womekpɔa nu o, to li na wo, ke womesea nu o!

22 Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.

23 Ke dzi dzeaglã sẽto li na dukɔ sia, wote ɖe aga helé woƒe mɔ tsɔ;

24 eye womegblɔ le woƒe dzi me be: mina míavɔ̃ Yehowa, mía Mawu, amesi na tsi dzana, adametsi kple keletsi ɖe wo dzaɣi la o, eya amesi wɔ nuŋeɣi ƒe kwasiɖawo dzi na mí pɛpɛpɛ.

25 Miaƒe vodadawoe gblẽ nusia me, eye miaƒe nuvɔ̃woe te nu nyui mi.

26 Elabena ame vɔ̃ɖiwo le nye dukɔ la dome, woɖe xa ɖi, eye wodo dɔgɔ̃e abe xevimɔ̃trela ene; wotre mɔ̃ heɖe amegbetɔwo!

27 Alesi xevi yɔa xadzae taŋ la, nenema alakpadada yɔa woƒe xɔwo fũ, eyata wòzu amegãwo kple kesinɔtɔwo ɖo.

28 Woda ami lalala, eye vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔ wo gbagba; womedrɔ̃a nya o, womedrɔ̃a tsyɔ̃eviwo ƒe nya, be wòadze edzi na wo o, eye womedrɔ̃a nya na ame dahewo o.

29 Yehowa be: Ɖe nyemahe to le esia ta, eye ɖe nye luʋɔ mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbe oa?

30 Ŋɔdzinu kple ŋunyɔnue dzɔ le anyigba dzi:

31 Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan