Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖi le Filistitɔwo, Tiro kple Sidon ŋuti.

1 Yehowa ƒe gbe, si va na nyagblɔɖila Yeremya ɖe Filistitɔwo ŋu, hafi Farao nava si Gaza, enye si;

2 Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, tsi tso anyiehe gbɔna, eye wòazu tɔɖɔɖɔ aɖe anyigba kple edzi nuwo, duwo kple wò me nɔlawo; amegbetɔwo ado ɣli, eye anyigbadzitɔwo afa avi

3 le sɔtsuwo ƒe afɔtutu anyi kpitikpiti, le tasiaɖamwo ƒe zinyenyẽ kple tasiaɖamfɔwo ƒe hoowɔwɔ ta; fofowo matrɔ ɖe wo viwo ŋu o, elabena woƒe asi ado agblɔ

4 le ŋkeke, si gbɔna la ta, be woagblẽ Filistitowo katã, eye woatsrɔ̃ Tiro kple Sidon ƒe xɔnametɔ susɔeawo; elabena Yehowa le Filistitɔ, siwo kpɔtɔ ɖe Kaftor-ƒukpo dzi la gblẽ ge.

5 Gaza atsi ƒuƒlu, eye woatsrɔ̃ Askalon; ame dzɔtsuwo ƒe susɔeawo, ɣekaɣi miasi blini na mia ɖokui ase ɖo?

6 Ao, Yehowa ƒe yi, ɣekaɣi hafi nagbɔ ɖe eme? Trɔ va ɖo wò aku, wò akɔ nefa, eye nanɔ anyi kpoo!

7 Nukaŋuti nagbɔ ɖe eme, esi wònye Yehowa ye de se na wò ɖe Askalon ŋu, eye wòda wò ɖe ƒutawo ŋu ɖe?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan