Yeremia 46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Tsitretsitsi ɖe Egipte ŋuti. 1 Yehowa ƒe gbe, si va na nyagblɔɖila Yeremya ɖe dukɔwo ŋu enye si: 2 Hena Egipte, ɖe Egipte-fia Farao Nexo ƒe aʋakɔ, si le Frat-tɔsisi nu le Karkemis gbɔ, eye Babel-fia Nebukadnezar sii le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe enelia me la ŋu: 3 Mitsɔ akpoxɔnu gã kple via bia akpae, eye mido ɖe aʋa nu! 4 Mitsi sɔtsuwo ɖe tasiaɖam ŋu, eye miɖe sɔwo dzi, miɖo gakukuwo miado, minyre akplɔwo, eye mido gawuwo! 5 Nukaŋuti mele wo kpɔm dzidzi ƒo wo, eye wogbugbɔ ɖe megbe, wogbã woƒe kalẽtɔwo gudugudu, eye wòsi womegale megbe kpɔm o? Yehowa be: Ŋɔdzi li godoo. 6 Ame ɖeablɛ masi o, eye kalẽtɔ maɖe eɖokui o! Wotsra ɖe anyiehe le Frat-tɔsisi la to hetsi afima. 7 Ameka nye esi gbɔna abe Nil ene, eye eƒe tsiwo le tsotsom abe tɔsisiwo ene? 8 Egipte ye gbɔna abe Nil ene, eye eƒe tsiwo le tsotsom abe tɔsisiwo ene, eye wògblɔ be: Mayi aɖaɖe anyigba la, eye matsrɔ̃ duwo kple wo me nɔlawo. 9 Mi sɔwo, miɖe ta eme, mi tasiaɖamwo, minyẽ zi ɖe eme! Kalẽtɔwo neho, Kusi-viwo kple Put-viwo, amesiwo si me akpoxɔnu le, kpakple Libiatɔwo, amesiwo nye aŋutrɔdala, siwo hea da me! 10 Gbemagbe enye hlɔ̃biagbe na Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Yi aɖu nu aɖi ƒo, eye wòamu woƒe ʋu; elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, le vɔsaŋkekenyuie ɖum le anyiehe-nyigba dzi, le Frat-tɔsisi la nu. 11 Egipte-ɖetugbi, yi naɖatsɔ atike tso Gilead; yakatsyɔe nèle atike geɖe wɔm, mahaya akpɔ o. 12 Dukɔwo se wò ŋukpe ŋkɔ, eye wò ɣlikpɛdodo yɔ anyigba dzi fũ; elabena kalẽtɔ dze anyi ɖe kalẽtɔ dzi, eye wo kple eve la siaa wotsi. 13 Yehowa ƒe nya, si wògblɔ na nyagblɔɖila Yeremya be, Babel-fia Nebukadnezar gbɔna Egipte-nyigba si ge la, enye si: 14 Mido kpo le Egipte, miɖe gbe ƒã le Migdol, eye miɖe gbe ƒã le Nof kple Taxpanxes! Migblɔ bena: Tso nadzra ɖokuiwò ɖo, elabena yi le nu ɖum le ŋuwò godoo. 15 Nukaŋuti wò ŋusẽtɔwo ɖo baba ɖe anyi? Womenɔ te o, elabena Yehowa ye tutu wo ƒu anyi. 16 Ena ame geɖewo kli nu, eye wodze anyi ɖe wo nɔewo dzi hegblɔ bena: Mina míagbugbɔ ayi míaƒe dukɔ gbɔ kple anyigba, si dzi wodzi mí ɖo la dzi, tso yi wuame la nu! 17 Miyɔ Egipte-fia Farao be „hohohodola, si ɖea ŋu ɖi le ɣeyiɣi nyuitɔ ŋu.“ 18 Ale fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot la, gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ava abe alesi Tabor le towo dome, eye Karmel le atsiaƒu nu ene. 19 Egipte-nyɔnuvi, do mɔzɔgba na ɖokuiwò; elabena Nof azu aƒedo, eye woagblẽe, ame navɔ le eme. 20 Nyinɔvi enye Egipte. Adzɔ̃e tso anyiehe gbɔna. 21 Amedzro, siwo nye asrafowo le wo dome, hã le abe nyivi dami ene; wo katã trɔ megbe hesi, eye womenɔ te o; elabena woƒe dzɔgbevɔ̃egbe, woƒe toheɣi va wo dzi. 22 Woƒe zinyenyẽ le abe da, si le sisim la tɔ ene; elabena wogbɔna kple aʋakɔ, eye wole fiavi ɖe asi ƒo ɖe edzi abe atilãla ene. 23 Yehowa be: Woaƒo eƒe ave, si ɖo kpekpekpe, elabena wosɔ gbɔ wu ʋetsuviwo, eye womelé xexlẽ me o. 24 Ŋukpe lé Egipte-nyɔnuvi, elabena wotsɔe de asi na anyiehe dukɔ. 25 Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la be: Mahe to na Amon le No, na Farao, na Egipte kple eƒe mawuwo kple eƒe fiawo kpakple amesiwo le dzi ɖom ɖe Farao ŋu la. 26 Matsɔ ade asi na eƒe kudilawo kple Babel-fia Nebukadnezar kpakple eƒe dɔlawo; ke emegbe la ame aganɔ edzi abe tsã ene. Yehowa ye gblɔe. Akɔfafa na Israel. 27 Ke wò, nye dɔla Yakob, megavɔ̃ o, eye Israel, dzi megaɖe le ƒowò o; elabena maɖe wò atso didiƒe kple viwòwo atso woƒe aboyonyigba dzi; Yakob atrɔ agbɔ, ava no anyi aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, eye amea ɖeke mado voɖi nɛ o. 28 Yehowa be: Wò, nye dɔla Yakob, megavɔ̃ o; elabena meli kpli wò, eye matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã dome menyã wò ɖo ɖo la gbidigbidi; ke wò la, nyematsrɔ̃ wò keŋ o; nyemagbe tohehe na wò o, ke boŋ mahe to na wò ɖe ɖoɖo la nu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana