Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yudatɔwo meɖo to Mawu ƒo gbe o, eye woyi Egipte. Wokplɔ nyagblɔɖila la hã yi Egipte, afisi wògblɔ Nebukadnezar ƒe anyidzedze ɖi le.

1 Esi Yeremya wu Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nya, siwo katã Yehowa, woƒe Mawu, de asi nɛ ɖo ɖe wo la gbɔgblɔ na dukɔ blibo la nu vo la,

2 Azarya, Hosaya vi, kple Yoxanan, Kareax vi kpakple ŋutsu vlowo katã gblɔ na Yeremya bena: Alakpa dam nèle; menye Yehowa, mía Mawu, ye ɖo wò ɖa gblɔ bena: Migayi Egipte ɖanye amedzro le afima o;

3 ke boŋ Barux, Neriya vi la le ʋu yɔm ɖe tewò ɖe mía ŋu, ne woatso mí ade asi na Kaldeatɔwo, ne woawu mí, eye woaɖe aboyo mí ayi Babel.

4 Eye Yoxanan, Kareax vi, kple aʋafiawo katã kpakple dukɔ blibo la meɖo to Yehowa ƒe gbe, be woatsi Yuda-nyigba dzi o.

5 Tete Yoxanan, Kareax vi, kple aʋafiawo katã kplɔ Yuda ƒe ame susɔea, siwo katã trɔ gbã tso dukɔwo katã dome, afisi wokaka hlẽ ɖo, be yewoava ana Yuda-nyigba dzi,

6 ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, fia vinyɔnuwo kple amesiwo katã fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan gblẽ ɖi ɖe Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi si me la, hekpe ɖe nyagblɔɖila Yeremya kple Barux, Neriya vi la ŋu,

7 eye wodzo yi Egipte-nyigba dzi, elabena wogbe toɖoɖo Yehowa ƒe gbe, eye wova Taxpanxes.

8 Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremya le Taxpanxes bena:

9 Tso kpe gãwo naɖi ɖe Farao ƒe aƒe, si le Taxpanxes la ƒe mo nu le anyikpe, siwo woɖo anyigba la te le Yuda-ŋutsuwo ŋku me,

10 eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mado woaɖakplɔ nye dɔla Babel-fia Nebukadnezar vɛ, ali eƒe fiazikpui ɖe kpe, siwo meɖi la dzi, eye wòakeke eƒe fiakuntruwo ɖe wo dzi.

11 Ava si Egipte-nyigba, eye wòatsɔ nusi nye ku tɔ la, ade asi na ku, nusi nye aboyo tɔ la, ade asi na aboyo, eye nusi nye yi tɔ la, ade asi na yi.

12 Mado dzo ɖe Egipte-mawuwo ƒe me, eye wòatɔ dzo wo ahaɖe aboyo wo, ado Egipte-nyigba, abe alesi lãkplɔvi ɖoa awu ʋlayae ene, eye wòadzo le ŋutifafa me.

13 Agbã sɔti, siwo le Bet-Semes le Egipte-nyigba dzi, eye wòala dzo Egipte-mawuwo ƒe xɔwo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan