Yeremia 42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yeremya gbe na Yoxanan kple Yudatɔ mamleawo le fia fe sedede nu bena, womagayi Egipte o. 1 Eye aʋafiawo katã, Yoxanan, Kareax vi, kple Yezanya, Hosaya vi, kpakple dukɔ blibo la, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi, va 2 gblɔ na nyagblɔɖila Yeremya bena: Míetsɔ míaƒe kokoƒoƒo bɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le ŋkuwò me: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe mía ta le ame susɔeawo katã ŋuti, elabena mí ame ʋee siawoe kpɔtɔ tso ame gbogboawo dome, abe alesi wò ŋku le mía kpɔmi ene; 3 ne Yehowa, wò Mawu la, nafia mɔ, si dzi míato kple nusi míawɔ la mí. 4 Tete nyagblɔɖila Yeremya ɖo ŋu na wo bena: Mesee! Kpɔ ɖa, maɖaɖe kuku na Yehowa, mia Mawu la, na mi, abe alesi miegblɔ ene, eye magblɔ nya sia nya, si Yehowa tso ɖo ŋu na mi la, na mi, nyemaɣla nyaa ɖeke ɖe mi o. 5 Eye wogblɔ na Yeremya bena: Yehowa nenye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla na mí, nenye be, míewɔ ɖe nya, siwo katã Yehowa, wò Mawu, aɖo ɖe mí la nu o. 6 Eɖanye nyui alo vɔ̃ o, Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe kokoko míase, amesi gbɔ míele ɖowòm ɖo, be eme nanyo na mí, le esi míeɖo to Yehowa, mía Mawu ƒe gbe ta. 7 Eye wòva me le ŋkeke ewo megbe be, Yehowa ƒe gbe va na Yeremya, 8 eye wòyɔ Yoxanan, Kareax vi, kple aʋafia, siwo katã le eŋu, kpakple dukɔ blibo la tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi 9 hegblɔ na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi gbɔ miedɔm ɖo, be mahe miaƒe kokoƒoƒowo ayi eŋku mee la, gblɔ esi; 10 Ne mienɔ anyigba sia dzi la, ekema matu mi, eye nyemagbã mi o, mado mi, eye nyemaho mi o; elabena vɔ̃, si mewo mi la, vem. 11 Babel-fia, si vɔ̃m miele la, megadzi ŋɔ na mi o; Yehowa be: Migavɔ̃e o, elabena maxɔ na mi, eye maɖe mi atso esi me; 12 mana nublanuikpɔkpɔ nasu mia si, eye wòakpɔ nublanui na mi ahakplɔ mi agbo va miaƒe anyigba dzi. 13 Ke ne miebe, yewomele anyigba sia dzi nɔ ge o, ale be miegbe toɖoɖo Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe 14 hele gbɔgblɔm be: Kpao, ke boŋ mina míayi Egipte, afisi míakpɔ aʋawɔwɔ ŋku me, eye míase kpẽ ƒe ɖiɖi le o, afisi abolodɔ mawu mí le o, afima miaɖanɔ la, 15 ekema mi Yuda ƒe ame susɔeawo, mise Yehowa ƒe gbe: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ne mietsɔ miaƒe ŋku ɖo Egipte-yiyi ŋu, eye mĩeyi, be mianye amedzro le afima la, 16 ekema yi, si vɔ̃m miele la, atu mi le Egipte-nyigba dzi afima, eye dɔwuame, si ŋu mietsi dzi ɖo la, ano mia yome kplikplikpli le Egipte, eye miaku ɖe afima. 17 Eye ŋutsu, siwo katã tso woƒe ŋku ɖo Egipte ŋu, be yewoayi aɖanye amedzro le afima la, aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me, eye woƒe amea ɖeke makpɔtɔ asi le dzɔgbevɔ̃e, si mahe va wo dzi la nu o. 18 Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Alesi metrɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku ko ɖe Yerusalemtɔwo dzii la, nenema ke matrɔ nye dziku akɔ ɖe mia dzii, nenye be, mieyi Egipte; miazu atamkanu, ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu, eye miagakpɔ teƒe sia kple ŋku o. 19 Mi Yuda ƒe ame susɔeawo, Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu be: Migayi Egipte o. Minyae be, megbe na mi egbea! 20 Elabena mia ŋutɔwoe ɖu mia ɖokui be, mieɖom ɖe Yehowa, mia Mawu la gbɔ gblɔ bena: Ɖe kuku na Yehowa, mía Mawu la, na mí, eye alesi tututu Yehowa, mía Mawu la, agblɔ la, nenema nagblɔ na mi, ne miawo. 21 Megblɔe na mi egbea, ke mieɖo to Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe le nusiwo katã ŋuti wòɖom ɖe mia gbɔ ɖo la me o. 22 Eyata minyae kokoko be, miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me, le teƒe, si le mia dzrom miebe, yewoaɖanye amedzro le la. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana