Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ismael wu Gedalya, Yuda- kple Kaldeatɔ geɖewo.

1 Eye wòva me le dzinu adrelia me be, Ismael, Elisama vi Netanya ƒe vi, amesi nye fia ƒe amegãwo dometɔ ɖeka tso fia ƒome la me la, va Gedalya, Axikam vi la gbɔ le Mizpa, eye ŋutsu ewo kpe ɖe eŋu, eye woɖu nu kple wo nɔewo le Mizpa.

2 Tete Ismael, Netanya vi, kple ŋutsu ewo, siwo kpe ɖe eŋu la, wotso, heda yi Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi la, eye wowu eya, amesi Babel-fia tsɔ ɖo anyigba la nu.

3 Eye Ismael wu Yudatɔ, siwo katã le Gedalya gbɔ le Mizpa la, hekpe ɖe Kaldeatɔ, siwo le afima, amesiwo nye aʋawɔlawo la ŋu.

4 Ke le ŋkeke eve megbe, esi amea ɖeke mekpɔ see be, wowu; Gedalya o la,

5 ŋutsu blanyi tso. Sixem, Silo kple Samaria, wolũ ge, wole awu vuvuwo me, eye wosi blini helé nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋẽedonu ɖe asi, be woatsɔ asa vɔe le Yehowa ƒe me.

6 Tete Ismael, Netanya vi la, do tso Mizpa le avi dzi yi ɖakpe wo, eye esi wòdo go wo la, egblɔ na wo bena: Miva miyi Gedalya, Axikam vi la gbɔ.

7 Ke esi woɖo dua titina la, Ismael, Netanya vi la, kple ŋutsu, siwo kpe ɖe eŋu la, wu wo ɖe vudo la me.

8 Ke wo dome ŋutsu ewo gblɔ na Ismael bena: Megawu mí o, elabena míeɖi nuwo ɖe gbe me: lu, ƒo, ami kple anyitsi. Tete wòdzudzɔ, eye mewu wo kpe ɖe wo nɔviwo ŋu o.

9 Vudo, si me Ismael tsɔ ŋutsu, siwo katã wòwu kpe ɖe Gedalya ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo la, fia Asa ye ɖee le Israel-fia Baesa ta; vudo sia mee Ismael, Netanya vi la, tsɔ ame kukuawo ɖee fũ.

10 Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame susɔea, siwo katã le Mizpa, fia vinyɔnuwo kple dukɔ blibo, si kpɔtɔ ɖe Mizpa, amesiwo nu fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan tso Gedalya, Axikam vi la ɖo; woawo Ismael, Netanya vi la, ɖe aboyoe, eye wòdzo, be yeayi Amon-viwo gbɔ.


Yoxanan ti Ismael yome. Yudatɔwo di bena, yewoayi Egipte.

11 Ke esi Yoxanan, Kareax vi, kple aʋafia, siwo katã kpe ɖe eŋu la, se vɔ̃, siwo katã Ismael, Netanya vi, wɔ la,

12 woɖe woƒe aʋawɔlawo katã, eye woho, be yewoaɖawɔ aʋa kple Ismael, Netanya vi la, eye woɖatui le tɔ gã, si le Gibeon la to.

13 Esi dukɔ blibo, si le Ismael ŋu la, kpɔ Yoxanan, Kareax vi kpakple aʋafia, siwo katã kpe ɖe eŋu la, dzi dzɔ wo.

14 Tete dukɔ blibo, si Ismael ɖe aboyo tso Mizpa la, trɔ le eyome heyi ɖe Yoxanan, Kareax vi dzi.

15 Ke Ismael, Netanya vi la, kple ŋutsu enyi wosi le Yoxanan nu yi Amon-viwo gbɔ.

16 Tete Yoxanan, Kareax vi la, kple aʋafia, siwo katã kpe ɖe eŋu la, kplɔ dukɔa ƒe ame susɔeawo katã, ŋutsu, siwo nye aʋamewo, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple aƒedzikpɔlawo, amesiwo Ismael, Netanya vi la, ɖe aboyo tso Mizpa, esime wòwu Gedalya, Axikam vi la megbe; woawo wòkplɔ tso Gibeon,

17 eye wova no Gerut-Kimham, si le Betlexem gbɔ, ne woayi Egipte

18 le Kaldeatɔwo ta; elabena wole wo vɔ̃m, le esi Ismael, Netanya vi la, wu Gedalya, Axikam vi, amesi Babel-fia tso ɖo anyigba la nu la ŋuti.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan