Yeremia 40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yeremya nɔ Gedalya gbɔ le anyigba la dzi. 1 Yehowa ƒe gbe va na Yeremya, esime fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan ɖee tso Yerusalem kple Yuda ƒe aboyome, siwo wokplɔ yina Babel la dome; eɖe ga le eŋu, eye wòɖe asi le eŋu le Rama la. 2 Eye fia ŋu srafowo ƒe amegã na wokplɔ Yeremya vɛ, eye wògblɔ ne bena: Yehowa, wò Mawu, gblɔ dzɔgbevɔ̃e sia ɖe teƒe sia ŋu. 3 Yehowa na wòva me, eye wòwɔ abe alesi wògblɔ ene, elabena miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye mieɖo to eƒe gbe o, eyata nusia dzɔ ɖe mia dzi ɖo. 4 Azɔ kpɔ ɖa, meɖe ga le wò alɔ ŋu egbe; ne edze ŋuwò nèbe, yeayi Babel kplim la, va miyi, eye nye ŋku anɔ ŋuwò; ke ne medze ŋuwò be, nayi Babel kplim o la, ekema nɔ anyi; kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, afisi nyo ŋuwò nebe, yeayi la, yi gama. 5 Ke esi tɔtrɔ mele lãme sẽm nɛ o la, egblɔ nɛ bena: Gbugbɔ yi Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, amesi Babel-fia tsɔ ɖo Yuda-duwo nu la gbɔ, eye nanɔ egbɔ le dukɔ la dome, alo yi afisiafi, si dze ŋuwò nèbe, yeayi. Eye fia ŋu srafowo ƒe amegã la tsɔ mɔ dzi nuɖuɖu kple nunana nɛ, eye wòdo mɔe wòdzo. 6 Ale Yeremya va Gedalya, Axikam vi la gbɔ le Mizpa, eye wònɔ dukɔ, si kpɔtɔ ɖe anyigba dzi la dome. Gedalya melɔ̃ be, yeaxɔe ko bena, wole ye wu ge o. 7 Esi aʋafia, siwo katã ga le aʋagbe me kple woƒe aʋawɔlawo la, se be, Babel-fia tsɔ Gedalya, Axikam vi, ɖo anyigba la nu, eye wotsɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo kple anyigba dzi ame dahe, siwo womekplɔ yi Babel o la, de esi me la, 8 woawo kple woƒe amehawo va Gedalya gbɔ le Mizpa: Ismael, Netanya vi, Yoxanan kple Yonatan, Kareax viwo, Seraya, Tanxumet vi, kple Netofatitɔ Efai viwo kpakple Yezanya, Maaxatitɔ la vi. 9 Eye Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ka atam na wo kple woƒe amehawo gblɔ bena: Kaldeatɔwo subɔsubɔ megadzi ŋɔ na mi o; mitsi anyigba la dzi, eye misubɔ Babel-fia, ekema eme anyo na mi. 10 Ke nye la manɔ Mizpa, ne matsi tre de Kaldeatɔ, siwo ava mía gbɔ la ŋku me. Miawo la miƒo wein, kutsetse kple ami nu ƒu tsɔ ɖe miaƒe nuwo me, eye minɔ miaƒe du, siwo miexɔ la me. 11 Eye Yudatɔ, siwo katã le Moab kple Amonitɔwo dome kple Edom kpakple anyigba katã dzi la hã se be, Babel-fia susɔ amewo ɖe Yuda, eye wotsɔ Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ɖo wo nu. 12 Tete Yudatɔwo katã trɔ gbɔ tso teƒe, siwo katã wokaka hlẽ ɖo la, heva Yuda-nyigba dzi le Gedalya gbɔ le Mizpa, eye woƒo wein kple kutsetse nu ƒu kpaŋkpaŋ. 13 Eye Yoxanan, Kareax vi, kple aʋafia, siwo katã nɔ aʋagbe me la, va Gedalya gbɔ le Mizpa 14 hegblɔ nɛ bena: Mènyae be, ɖe Amonitɔwo ƒe fia Baalis dɔ Ismael, Netanya vi la ɖa be, woawu wò oa? Ke Gedalya, Axikam vi la, mexɔ wo dzi se o. 15 Eye Yoxanan, Kareax vi la, gblɔ na Gedalya le adza me le Mizpa bena: Mayi, ne maɖawu Ismael, Netanya vi la, eye amea ɖeke manyae o. Nukaŋuti woawu wò, ne Yudatɔ, siwo katã ƒo ƒu ɖe ŋuwò la, naka ahlẽ, eye Yuda ƒe ame susɔeawo natsrɔ̃? 16 Gedalya, Axikam vi la, ɖo ŋu na Yoxanan, Kareax vi bena: Megawɔ nusia o, elabena alakpa dam nèle ɖe Ismael si. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana