Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dzimetɔtrɔ nyagbɔgblɔ

1 Israel, Yehowa be: Ne èbe, yeatrɔ la, ekema trɔ ɖe ŋunye, eye ne èɖe wò ŋunyɔnuwo ɖa le ŋkunye me la, ekema màgatsa tsa glãla o!

2 Eye ne èta Yehowa ƒe agbe le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me, eye ɖe eteƒe la, ekema dukɔwo atso wò ayra wo ɖokui, eye woatso wò aƒo adegbee!

3 Elabena ale Yehowa gblɔ na Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem enye si: Mide agble yeye, eye migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o.

4 Mi Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-tɔwo, mina woatso aʋa na mi na Yehowa, eye miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa, ne nye dziku magalé dzo ge abe dzo ene, ahabi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta, eye amea ɖeke mate ŋu atsii o.


Nyagblɔɖi le Yuda-nyigba gbegblẽ ŋuti.

5 Migblɔe fia le Yuda, eye miɖe gbe ƒãe le Yerusalem be: „Miku kpẽ le anyigba la dzi!“ Mihe vekati míado ɣli be: „Miƒo takpli, eye mina míayi du sesẽwo me!“

6 Mikɔ aflaga dzi do ɖe Zion! Misi, migatɔ o! Elabena mahe dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ gã tso anyiehe vɛ.

7 Dzata do tso avegoe me, dukɔwo gblẽla tso, eye woho tso enɔƒe, be woatso wò anyigba awɔ gbegbee, eye wòagblẽ wò duwo woazu aƒedo.

8 Le esia ta mita akpanya, mifa konyi, eye mifa avi, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli la nu mefa ɖe mía ŋu o.

9 Yehowa be: Ava me le ɣemaɣi be, dzi aɖe le fia kple amegãwo ƒo, nunɔlawo alulu, eye nyagblɔɖilawo ƒe mo awɔ yaa.

10 Tete megblɔ be: Alele, Aƒetɔ Yehowa, vavãe nèflu dukɔ sia kple Yerusalem, esime negblɔ be: „Míakpɔ ŋutifafa“, evɔ wònye yi de keke luʋɔ gbɔ hafi!

11 Ɣemaɣi woagblɔ na nye dukɔ kple Yerusalem bena: Ya xɔdzo tso to ɖiƒeƒle ta me le gbe dzi gbɔna nye dukɔ ƒe nyɔnuvi gbɔ, menye be, woatsɔ agbo lui, alo woatsɔ ana nu me nadzae o.

12 Ya sesẽ wu esia ƒom; azu madrɔ̃ ʋɔnu wò hã.

13 Kpɔ ɖa, eho gbɔna abe alilikpo ene, eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, eye eƒe sɔwo ɖia ɖu wu hɔ̃; baba na mí, elabena míetsrɔ̃.

14 Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?

15 Elabena wole gbe ƒã ɖemee tso Dan, eye wona wose dzɔgbevɔ̃e nya tso Efrayim-towo dzi.

16 Mitoe na dukɔwo! Kpɔ ɖa, miɖe gbe ƒãe na Yerusalem be: Amesiwo ɖea to ɖe du la, tso didiƒenyigba dzi gbɔna, eye woana woƒe ɣli nade dzi ɖe Yuda-duwo ŋu.

17 Woaƒo xlãe godoo abe agbledzɔviwo ene, le esi wodze aglã ɖe ŋunye la ta, Yehowa ye gblɔe.

18 Wò zɔzɔme kple wò nuwɔnawoe wɔ esia wò, wò vɔ̃ɖiwɔwɔe wɔ esia, eve kaɖikaɖi, eye ade dzigbɔ ke na wò.


Nyagblɔɖila ƒe konyifafa.

19 Nye dɔkaviwo, nye dɔkaviwo! Mele togotogoe ƒom le vevesese ta, nye dzixɔ, nye dzi dze agbo le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena nye luʋɔ le kpẽwo ƒe ɖiɖi kple aʋaɣli sem!

20 Gligbagbã tsia ɖe wo nɔewo nu, elabena wogblẽ anyigba blibo la; woagblẽ nye xɔwo enumake kple nye agbadɔwo le aɖabaƒoƒo ɖeka me.

21 Ɣekaɣi manɔ aflaga kpɔm, eye manɔ kpẽwo ƒe ɖiɖi sem ase ɖo?

22 Elabena nye dukɔ dzɔ lã, womedze sim o; vi tsibomewo wonye, eye Womenya nu o; nunyalawo wonye le vɔ̃ɖiwɔwɔ me, ke nyuiwɔwɔ la, womedzea si eya o.

23 Meɖe ŋku ɖe anyigba, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu; meɖe ŋku ɖe dziƒo, kekelía ɖeke meli o.

24 Meɖe ŋku ɖe towo, kpɔ ɖa, wole dzodzom kpekpekpe, kple ɖe togbɛwo katã, kpɔ ɖa, wole ʋaʋãm.

25 Meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, amegbetɔa ɖeke megali o, eye dziƒoxewo katã dzo yi.

26 Meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, anyigba wɔnu zu gbegbe, wogbã eƒe duwo katã le Yehowa ŋgɔ le eƒe dɔmedzoe ƒe bibi ta.

27 Elabena ale Yehowa gblɔ esi; Anyigba blibo la azu gbegbe, ke nyemagblẽe gbidigbidi o.

28 Eyata anyigba nefa konyi, eye dziƒo nenɔ ahovɔ me, elabena meƒo nu, eye mavem o, meɖo ta me, eye nyematrɔe o.

29 Du blibo la si le sɔdolawo kple aŋutrɔdalawo ƒe howɔwɔ nu, woyi ave dodowo me, eye wolia agakpewo; wogblẽ du blibo la ɖi amea ɖeke megale eme o.

30 Ke wò, amesi wotsrɔ̃, nuka nahawɔ ma? Ne eta aɖabɛ, nedo sikanuwo, eye neɖo tu ɖe ŋku hã la, dzodzroe nèwɔ leke; wò lɔlɔ̃tɔwo ado vlo wò, eye woadi wò ku.

31 Elabena mese ɣli abe nyɔnu, si le ku lém la tɔ ene, abe nyɔnu, si le vi ŋgɔgbea dzim la ƒe ŋɔdziɣli ene, mese Zion-nyɔnuvi, si le ŋeŋem hewu asi dzi la ƒe gbe be; Baba nam, elabena nye luʋɔ tsi amewulawo si!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan