Yeremia 39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wòxɔ Yerusalem, gbã ŋkuwo na Zedekiya hekplɔe yi Babel. 1 Eye woxɔ Yerusalem. Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la va Yerusalem heɖe to ɖee le Yuda-fia Zedekiya ƒe ƒe asiekelia me le dzinu ewolia dzi, 2 eye wogbã du la le Zedekiya ƒe ƒe wuiɖekɛlia me le dzinu enelia ƒe ŋkeke asiekelia dzi. 3 Eye Babel-fia ƒe amegãwo katã va bɔbɔ nɔ agbo dometɔ nu; Nergal-Sarezer, Samgar-Nebo, Sarsexim, amesi nye aƒedzikpɔlawo ƒe amegã, kple Nergal-Sarezer, amesi nye trɔ̃nuawo ƒe amegã, hekpe ɖe Babel-fia ƒe amegãwo katã ŋu. 4 Eye esi Yuda-fia Zedekiya kple aʋawɔlawo katã kpɔ wo la, wosi dzo le dua me le zã to fia ƒe abɔ me mɔ heto agbo, si le gli ŋukplaba eve dome la nu heɖo ta gbegbe. 5 Ke Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ la li wo yome, eye wotu Zedekiya le Yerixo-tagba, eye wolée hekplɔe vɛ na Babel-fia Nebukadnezar le Ribla le Xamat-nyigba dzi, eye wobu fɔe le afima. 6 Babel-fia wu Zedekiya viwo le eya ŋuta ŋku me le Ribla eye Babel-fia wu Yuda ƒe bubumewo katã. 7 Egbã ŋku na Zedekiya, eye wòde kɔsɔkɔsoe, be wòakplɔe ayi Babel. 8 Eye Kaldeatɔwo tɔ dzo fia ƒe aƒe kple dukɔ la ƒe aƒewo, eye wogbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi. 9 Eye fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan de aboyo dukɔa ƒe ame susɔea, si kpɔtɔ ɖe dua me, kpakple amesiwo de edzi la, yi Babel. 10 Ke fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan gblẽ dukɔ la ƒe ame dahe, siwo si naneke mele o la dometɔa ɖewo ɖe Yuda-nyigba dzi, eye wotsɔ weingblewo kple agblewo na wo gbemagbe. Nebukadnezar kpɔ Yeremya ta; Yeremya gblɔ Ebed-Melex ƒe ɖeɖe ɖi ne. 11 Eye Babel-fia Nebukadnezar de se na fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan le Yeremya ŋu bena: 12 Kplɔe, eye wò ŋku nanɔ eŋu, eye megawɔ vɔ̃a ɖekee o, ke boŋ alesi wòagblɔ na wò la, nenema nawɔ nɛ. 13 Tete fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã Nebusazban kple trɔ̃nuawo ƒe amegã Nergal-Sarezer kpakple Babel-fia ƒe amegãwo katã ɖo ame ɖa 14 woɖakplɔ Yeremya tso dzɔlawo ƒe xɔxɔnu vɛ, eye wotsɔe de asi na Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ne wòakplɔe ayi aƒe mee, eye wònɔ dukɔ la dome. 15 Esi Yeremya le ga me le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la, Yehowa ƒe gbe va nɛ bena: 16 Yi nagblɔ na Kusitɔ Ebed-Melex bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana nye nyawo nava me ɖe du sia ŋu hena vɔ̃, eye menye hena nyui o, eye woava me le ŋkuwò me le ɣemaɣi. 17 Yehowa be: Ke maɖe wò le ɣemaɣi, eye womatsɔ wò ade asi na amesiwo le ŋɔ dzim na wò la o; 18 ke boŋ mana nasi, eye màtsi yi nu o, eye wò agbe anye aboyonu na wò, elabena èɖo dzi ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana