Yeremia 38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wotsɔ Yeremya de do me, wogaɖee le doa me le fia fe sedede ta, Yeremya di tso fia Zedekiya si bena, woanɔ eɖokui ana futɔwo. 1 Eye Sefatya, Matan vi, Gedalya, Pasxur vi, kple Yuxal, Selemya vi, kpakple Pasxur, Malxiya vi, wose nya, siwo Yeremya gblɔ na dukɔ blibo la bena: 2 Yehowa be: Amesi tsi dua me la, aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me; ke amesi do yi Kaldeatɔwo gbɔ la, atsi agbe, eƒe luʋɔ anye aboyonu nɛ, eye woatsi agbe. 3 Yehowa be: Woatsɔ du sia ade asi na Babel-fia ƒe aʋakɔ kokoko, eye wòaxɔe. 4 Tete amegãwo gblɔ na fia la bena: Woawu ŋutsu sia, elabena ele alɔgblɔlɔ dom aʋawɔla, siwo kpɔtɔ ɖe du sia me kple dukɔ blibo la, esi wòle nya siawo tɔgbe gblɔm na wo la; elabena ŋutsu sia mele dukɔ la ƒe nyui dim o, negbe woƒe dzɔgbevɔ̃e ko. 5 Fia Zedekiya ɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, ele mia si me, elabena fia la mate ŋu awɔ naneke atsi tre ɖe mia ŋu o. 6 Tete wotsɔ Yeremya ɖe fiavi Malxiya ƒe vudo, si le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me, eye wotsɔ atagbi ɖiɖi Yeremya ɖe eme; ke tsi mele vudoa me o, negbe ba ko, eye Yeremya ɖo to ɖe ba la me. 7 Eye aƒedzikpɔla Ebed-Melex, Kusitɔ la, amesi le fia ƒe me la, se be, wotsɔ Yeremya de do me; fia la bɔbɔ nɔ Benyamin-gbo nu. 8 Tete Ebed-Melex do tso fia ƒe me yi ɖaƒo nu kple fia la gblɔ bena: 9 Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ nu manyomanyo ɖe nyagblɔɖila Yeremya ŋu, be wotsɔe de do me, ne dɔ nawui woaku ɖe afima; elabena abolo vɔ le dua me. 10 Tete fia la de se na Kusitɔ Ebed-Melex gblɔ bena: Ɖe ŋutsu etɔ̃ kpe ɖe ɖokuiwò ŋu tso afisia, ne naɖe nyagblɔɖila Yeremya le ɖoa me, hafi ne wòaku. 11 Eye Ebed-Melex ɖe ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu; ege ɖe fia ƒe aƒe la me, eye wòyi ɖe xɔ, si le nudzraɖoƒea te lãme hetsɔ ɖovuwo kple avɔ nyunyɔwo le afima, eye wòtsɔ atagbi ɖiɖi wo ɖe Yeremya le do la me. 12 Tete Kusitɔ Ebed-Melex gblɔ na Yeremya bena: Tsɔ ɖovu kple ava nyunyɔwo de atagbiawo te le wò axato eveawo me, eye Yeremya wo nenema. 13 Eye wotsɔ atagbi he Yeremya tso do la me, eye Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu. 14 Emegbe fia Zedekiya do ame woɖakplɔ nyagblɔɖila Yeremya va Yehowa ƒe aƒe ƒe mɔnu etɔ̃lia me. Eye fia la gblɔ na Yeremya bena: Mele nya bia ge wò, megana naneke ɖem o. 15 Yeremya ɖo ŋu na Zedekiya bena: Ne megblɔe fia wò la, ɖe mãwum oa? Eye ne meɖo aɖaŋu na wò la, mèhele to ɖo gem o ɖe? 16 Tete fia, Zedekiya ka atam na Yeremya le adza me bena: Metà Yehowa, amesi na agbe sia mi la ƒe agbe: Ne mawu wò alo atso wò ade asi na ŋutsu, siwo le wò ku dim la fi! 17 Tete Yeremya gblɔ na Zedekiya bena: Ale Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ne edo yi Babel-fia ƒe amegãwo gbɔ la, ekema atsi agbe, womatɔ dzo du sia o, eye mia kple wò aƒe míatsi agbe. 18 Ke ne medo yi Babel-fia ƒe amegãwo gbɔ o la, ekema woatsɔ du sia ade asi na Kaldeatɔwo, be wòatɔ dzoe, eye màsi le wo si me o. 19 Eye fia Zedekiya gblɔ na Yeremya bena: Mele vɔvɔ̃m le Yudatɔ, siwo yi Kaldeatɔwo dzi la la, be woava tsɔm ade asi na wo, ne woawɔ funyafunyam. 20 Yeremya ɖo ŋu bena: Womelé tsɔ wò ge ade asi o. Ɖo to Yehowa ƒe gbe ko, abe alesi megblɔ na wò ene, ne eme nanyo na wò, eye natsi agbe. 21 Ke ne egbe dodo yi la, ekema nya, si Yehowa ɖe fiãm la, enye si: 22 Kpɔ ɖa, woakplɔ nyɔnu, siwo katã kpɔtɔ ɖe Yuda-fia ƒe me la, ayi Babel-fia ƒe amegãwo gbɔe, eye woanɔ gbɔgblɔm bena: Xɔ̃wòwo flu wò, eye wokpe le dziwò, eye esi wò afɔ ɖo ba la, woka le ŋuwò.“ 23 Woakplɔ srɔ̃wòwo katã kple viwòwo ayi na Kaldeatɔwo, eye womaɖe wò le wo si me o, ke boŋ Babel-fia ƒe asi axe wò, eye wòatɔ dzo du sia. 24 Tete Zedekiya gblɔ na Yeremya bena: Amea ɖeke megase nya sia, ne nava ku o! 25 Eye ne amegãwo se be, meƒo nu kpli wò, eye woava gbɔwò gblɔ na wò bena, to nya, si nègblɔ na fia la na mi, megaɣlae ɖe mi o, ekema míawu wò o, eye aleke fia la gblɔ na wò hã la, 26 ekema naɖo ŋu na wo bena: Ɖe metsɔ kokoƒoƒo bɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le fia la ŋku me be, megagbugbɔm ɖo de Yonatan ƒe xɔ me, ne maku ɖe afima o. 27 Tete amegãwo katã va bia Yeremya se, eye wòɖo ŋu na wo, abe alesi fia la de se nɛ pɛpɛpɛ ene, eye wona gbɔdzɔe, elabena nya la meɖi wose o. 28 Ke Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, vaseɖe gbesigbe wòxɔ Yerusalem. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana