Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Woƒo Yeremya, eye wolée.

1 Eye Zedekiya, Yosiya vi, zu fia ɖe Xonya, Yoyakim vi teƒe; elabena Babel-fia Nebukadnezar tsɔe ɖo fia ɖe Yuda-nyigba dzii.

2 Ke eya kple eƒe dɔlawo kple anyigba dzi dukɔ la meɖo to Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to nyagblɔɖila Yeremya dzi la o.

3 Eye fia Zedekiya ɖɔ Yuxal, Selemya vi, kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi, ɖo ɖe nyagblɔɖila Yeremya, ne woagblɔ nɛ bena: Ɖe kuku na Yehowa, mia Mawu, ɖe mía ta!

4 Yeremya dona yia dukɔ la dome gagbɔna, elabena womedee gaxɔ me o.

5 Ke esi Farao ƒe aʋakɔ ho tso Egipte, eye Kaldeatɔ, siwo ɖe to ɖe Yerusalem la, se wo ŋkɔ la, wotu dzo le Yerusalem ŋu.

6 Tete Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Yeremya bena:

7 Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Miɖagblɔ na Yuda-fia, si dɔ mi ɖe gbɔnye be, miabia gbem ase la bena: Kpɔ ɖa, Farao ƒe aʋakɔ, si ho, be yeaxɔ na mi la, agagbugbɔ ayi wo de Egipte,

8 eye Kaldeatɔwo agbugbɔ ava wɔ aʋa kple du sia, woaxɔe, eye woatɔ dzoe.

9 Yehowa be: Migano mia ɖokui ɖum anɔ gbɔgblɔm be: Kaldeatɔwo adzo le mía ŋu kokoko o; elabena womelé tutu ge adzo o.

10 Elabena ne miasi Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ blibo, si le aʋa wɔm kpli mi la, eye abixɔlawo ko akpɔtɔ ɖe wo dome hã la, wo dome amesiame atso le eƒe agbadɔ me ato dzo du sia.

11 Eye wòva me be, esime Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ dzo le Yerusalem ŋu le Farao ƒe aʋakɔa ta la,

12 Yeremya do tso Yerusalem, be yeayi Benyamin-nyigba dzi, ne yeaxɔ yeƒe gome ɖe yeƒe dukɔ dome.

13 Eye esi wòɖo Benyamin-gbo nu la, Xananya vi Selemya ƒe vi Yiriya, amesi nye dzɔlawo ƒe amegã la, le afima, eye wòlé nyagblɔɖila Yeremya gblɔ bena: Kaldeatɔwo dzi nèbe, yeayi.

14 Yeremya ɖo ŋu be: Aʋatsoe, nyemebe, mayi Kaldeatɔwo dzi o! Ke Yiriya medo toe o, eye wòlé Yeremya hekplɔe yi amegãwo gbɔe.

15 Tete amegãwo do dɔmedzoe ɖe Yeremya ŋu, eye woƒoe hetsɔe de gaxɔ me ɖe agbalẽŋlɔla, Yonatan ƒe xɔ, si wotsɔ wɔ gaxɔe la me.

16 Ale Yeremya va gaxɔ, si nye domexɔ la me, eye Yeremya tsi afima ŋkeke geɖe.

17 Eye fia Zedekiya dɔ ame woɖakplɔe vɛ, eye fia la biae le adza me le eƒe me gblɔ bena: Yehowa ƒe gbea ɖe lia? Yeremya ɖo ŋu be: Ẽ! Eye wògblɔ bena: Wole tsɔ wò ge ade asi na Babel-fia!

18 Eye Yeremya gblɔ na fia Zedekiya bena: Nuvɔ̃ ka mewo ɖe mia kple wò dɔlawo kple dukɔ sia ŋu, hafi mietsɔm ɖe ga me?

19 Eye afika miaƒe nyagblɔɖila, siwo gblɔ nya ɖi na mi bena, Babel-fia mava ƒo ɖe mia kple anyigba sia dzi o la le?

20 Azɔ nye aƒetɔ fia nesee, metsɔ kokoƒoƒo baba ɖokuinye ɖe anyi le ŋkuwò me be, megagbugbɔm yi agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe xa me, ne maku ɖe afima o.

21 Tete fia Zedekiya de se be, woadzɔ Yeremya ŋu le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wotsɔa abolo ɖeka nɛ gbesiagbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, vaseɖe esime woɖu abolowo katã wòvɔ le dua me. Eye Yeremya tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan