Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wofiã Yeremya ƒe nyagblɔɖigbalẽwo; gake epaŋlɔ wo yeye le aƒetɔ la ƒe nya nu.

1 Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremya le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe enelia me bena:

2 Tsɔ agbalẽ naŋlɔ nya, siwo katã megblɔ na wò ɖe Israel kple Yuda kpakple dukɔwo katã ŋu tso esime mede asi nuƒoƒo me kpli wò tso Yosiya ŋɔli vaseɖe egbe la, ɖe eme.

3 Amea ɖe menya nu o Yuda ƒe aƒe la ase vɔ̃, siwo katã meɖo be, mawɔ wo la, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, eye matsɔ woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ake wo.

4 Tete Yeremya yɔ Barux, Neriya vi, eye Barux ŋlɔ Yehowa ƒe nya, siwo katã wògblɔ nɛ la, tso Yeremya nu ɖe agbalẽ me.

5 Eye Yeremya de se na Barux bena: Mele ga me, nyemate ŋu ayi Yehowa ƒe me o.

6 Eyata yi naɖaxlẽ agbalẽ sia, Yehowa ƒe nya, siwo neŋlɔ tso nunye me la, ɖe dukɔ la ƒe to me le Yehowa ƒe me le nutsidɔgbe, eye naxlẽe ɖe Yuda blibo, si tso woƒe duwo me va la hã ƒe to me.

7 Amea ɖe menya nu o woatsɔ kokoƒoƒo abɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, elabena dɔmedzoe kple dziku, si ŋu Yehowa ƒo nu le na dukɔ sia la teƒe mekɔ o.

8 Tete Barux, Neriya vi, wɔ abe alesi nyagblɔɖila Yeremya de se nɛ be, wòaɖaxlẽ Yehowa ƒe nya tso agbalẽ la me le Yehowa ƒe me la ene.

9 Le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe atɔ̃lia me le dzinu asiekelia dzi la wode gbe ƒã nutsitsidɔ le Yehowa ŋku me na dukɔ blibo, si le Yerusalem, kple dukɔ, siwo katã tso Yuda-duwo me va Yerusalem.

10 Eye Barux xlẽ Yeremya ƒe nyawo le agbalẽ la me de dukɔ blibo la ƒe towo me le agbalẽŋlɔla Gemarya, Safan vi ƒe xɔ me le xɔxɔnu dzigbeta le Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo yeyea nu.

11 Eye Safan vi Gemarya ƒe vi Mixaya se Yehowa ƒe nyawo katã tso agbalẽ la me.

12 Tete wòyi agbalẽŋlɔla ƒe xɔ me le fia ƒe me, eye kpɔ ɖa, amegãwo katã bɔbɔ nɔ afima: agbalẽŋlɔla Elisama, Delaya, Semaya vi, Elnatan, Axbor vi, Gemarya, Safan vi, kple Zedekiya, Xananya vi, hekpe ɖe amegãwo katã ŋu.

13 Eye Mixaya gblɔ nya, siwo katã wose, esime Barux xlẽ agbalẽ la ɖe dukɔa ƒe to me la na wo.

14 Tete amegãwo katã dɔ Kus vi Selemya ƒe vi Netanya ƒe vi Yehudi ɖo ɖe Barux gblɔ bena: Tsɔ agbalẽ, si nèxlẽ ɖe dukɔa ƒe to me la, ɖe asi nava! Eye Barux, Neriya vi, tsɔ agbalẽ la ɖe asi heva wo gbɔ.

15 Eye wogblɔ nɛ bena: Bɔbɔ nɔ anyi naxlẽe ɖe to me na mí! Eye Barux xlẽe ɖe to me na wo.

16 Esi wose nya siawo katã la, dzidzi ƒo wo, wode asi wo nɔewo ƒe ŋku me kpɔkpɔ me, eye wogblɔ na Barux bena: Miɖato nya siawo katã na fia la kokoko.

17 Eye wòbia Barux bena: Gblɔ alesi nèwɔ hafi ŋlɔ nya siawo katã tso enu me la na mí.

18 Barux ɖo ŋu na wo bena: Etsɔ eƒe nu gblɔ nya siawo katã nam, eye metsɔ agbalẽŋlɔtsi ŋlɔe ɖe agbalẽ lãme.

19 Eye amegãwo gblɔ na Barux bena: Yi, ne mia kple Yeremya miaɣla mia ɖokui, be amea ɖeke maganya afisi miele o.

20 Esi wotsɔ agbalẽ la dzra ɖo ɖe agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me la, woyi ɖe fia la gbɔ le xɔxɔnu, eye woto nya siawo katã nɛ.

21 Tete fia la dɔ Yehudi ɖa, be wòaɖatsɔ agbalẽ la vɛ, eye wòyi ɖatsɔe tso agbalẽŋlɔla Elisama ƒe xɔ me vɛ, eye Yehudi xlẽe ɖe fia la kple amegã, siwo katã tsi tre ɖe fia la ŋu la ƒe to me.

22 Fia la bɔbɔ nɔ vuvɔŋɔlixɔ me le dzinu asiekelia me, eye sonu, si me wodo dzo ɖo la, le eƒe akɔ me.

23 Eye ne Yehudi xlẽ axa etɔ̃ alo ene vɔ la, etsɔa agbalẽsẽhɛ lãne hedea dzo, si le sonua me la me, vaseɖe esime agbalẽ blibo la fiã ɖe sonumedzo la me.

24 Eye dzidzi meƒo fia la kple eƒe dɔlawo katã, ne wòahayi woƒe awuwo dze ge, esime wose nya siawo katã o.

25 Eye esi Elnatan, Delaya kple Gemarya woɖe kuku na fia la be, megatɔ dzo agbalẽa o hã la, meɖo to wo o.

26 Eye fia la de se na fiavi Yeraxmeel kple Seraya, Azriel vi, kpakple Selemya, Abdiel vi, be woaɖakplɔ agbalẽŋlɔla Barux kple nyagblɔɖila Yeremya vɛ; ke Yehowa tsɔ wo ɣla.

27 Eye esi fia la tɔ dzo agbalẽ, si me Barux ŋlɔ Yeremya ƒe nu me nyawo ɖo megbe la, Yehowa ƒe gbe va na Yeremya bena:

28 Gatsɔ agbalẽ bubu, eye naŋlɔ nya tsãtɔwo katã, siwo nɔ agbalẽ gbãtɔ, si Yuda-fia Yoyakim tɔ dzoe me la, ɖe eme.

29 Eye nagblɔ ɖe Yuda-fia Yoyakim ŋu be: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi nètɔ dzo agbalẽ sia hegblɔ be: Nukaŋuti nèŋlɔ ɖe eme be, Babel-fia ava gblẽ anyigba sia, eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi hã la,

30 eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia Yoyakim ŋu enye si: Amea ɖeke manɔ esi abɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi o, eye woatsɔ eƒe kukua aƒu gbe ɖe ŋdɔkutsu nu le ŋkeke me kple vuvɔ nu le zã me.

31 Mahe to na eya kple viawo kple eƒe dɔlawo le woƒe vodadawo ta, eye mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe wo ŋu wogbe esese la, ava woa kple Yerusalemtɔwo kpakple Yuda-ŋutsuwo dzii.

32 Eye Yeremya tsɔ agbalẽ bubu na agbalẽŋlɔla Barux, Neriya vi, eye wòŋlɔ agbalẽ kemea, si Yuda-fia Yoyakim tɔ dzoe la me nyawo katã tso Yeremya nu ɖe eme, eye wogakpe nya mawo tɔgbe geɖe ɖe eŋu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan