Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe dukɔ la ƒe ŋutikɔkɔe le fukpekpe megbe.

1 Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ŋɔli la, enye si:

2 Yi Rexab viwo ƒe me, ƒo nu kpli wo, eye nakplɔ wo ayi Yehowa ƒe me xɔwo dometɔ ɖeka me, eye nana wein wo woano.

3 Tete meɖakplɔ Xabazinya vi Yeremya ƒe vi Yaasanya kple nɔviawo kple viawo katã kpakple Rexab viwo ƒe aƒe blibo la

4 yi Yehowa ƒe me ɖe Mawu ƒe ame Yigdalya vi Xanan viwo ƒe xa, si xe ɖe amegãwo ƒe xɔ ŋu le kpuinudzɔla Salum ƒe vi Maaseya ƒe xɔ ƒe dzigbe gome la me.

5 Eye metsɔ weingo, si yɔ taŋ, kple kpluwo ɖo Rexab viwo ƒe aƒe la kɔme gblɔ na wo bena: Mino wein!

6 Ke woɖo ŋu bena: Miele wein no ge o, elabena mía fofo Yonadab, Rexab vi, de se na mi bena: Mia kple mia viwo migano wein gbeɖe o;

7 migatu xɔ o, migaƒã nuku o, eye migade weingble alo ɖe nanye mia to o; ke boŋ minɔ agbadɔwo me le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne mianɔ agbe eteƒe nadidi le anyigba, si dzi míenye amedzro le la dzi.

8 Mieɖo to mia fofo Yonadab, Rexab vi ƒe gbe le nusiwo katã ŋu wòde se na mí le me, ale be mía kple mía srɔ̃wo, mía ŋutsuviwo kple mía nyɔnuviwo míeno wein le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me o;

9 míetu xɔwo, be míanɔ wo me o, eye weingblewo, agblewo kple nukuwo mele mia si o;

10 ke boŋ míele agbadɔwo me, mieɖo to, eye míewɔ nusiwo katã ŋu mía fofo Yonadab de se na mí le la.

11 Ke esi Babel-fia Nebukadnezar ho va anyigba dzi la, miegblɔ bena: Mina míayi Yerusalem le Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ kple Aramtɔwo ƒe aʋakɔ ta; ale mieva le Yerusalem.

12 Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremya bena:

13 Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Yi ɖagblɔ na Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo bena: Yehowa be: Ɖe miagbe toɖoɖo tohehe kple nye nyawo sesea?

14 Wowɔ Yonadab, Rexab vi ƒe se, si wòde na viawo be, womegano wein o la dzi, eye womenoe o vaseɖe egbe, elabena woɖo to wo fofo ƒe sedede. Nye la meƒo nu kpli mi ɖaa atraɖi, gake miegbe toɖoɖom.

15 Meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã ɖe mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, miɖɔ miaƒe nuwɔnawo ɖo, eye migadze mawu tutɔwo yome, ne miasubɔ wo o; ekema mianɔ anyigba, si metsɔ na mia kple mia fofowo la dzi; ke mieƒu to anyi o, eye miegbe toɖoɖom.

16 Rexab vi Yonadab ƒe viwo wɔ wo fofo ƒe se, si wòɖe na wo la dzi, ke dukɔ sia meɖo tom o!

17 Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi; Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu la, ava wo dzi, elabena meƒo nu kpli wo, ke womesee o, meyɔ wo, ke womete o.

18 Eye Yeremya gblɔ na Rexab viwo ƒe aƒe la bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Esi mieɖo to mia fofo Yonadab ƒe se la, mielé eƒe seawo katã me ɖe asi, eye miewɔ, abe alesi wòɖe se na mi ene la,

19 eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Rexab vi Yonadab ƒe amesi atsi tre ɖe ŋkunye me la, mave akpɔ o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan