Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖi te Israel ƒe ɖeɖe tso Babel ŋuti.

1 Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremya zi evelia, esime wòle gaxɔ me le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu bena:

2 Ale Yehowa, amesi wɔa nu, Yehowa, amesi ɖoa tame, eye wòwɔnɛ ɖea goe, eya amesi ŋkɔ nye Yehowa la, gblɔ esi:

3 Yɔm, ekema matɔ na wò, eye maɖe nu gã kako, siwo mènya o la, afia wò.

4 Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe du siawo me xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo, siwo wogbã ƒu anyi le kpoƒuƒuawo kple yi ta la ŋuti enye si:

5 Elabena wova, be woawɔ aʋa kple Kaldeatɔwo, ne woatsɔ amegbetɔ, siwo mewu le nye dɔmedzoe kple nye dziku me la ƒe kukuawo ayɔ wo me fũ, le esi meɣla nye ŋku me ɖe du sia le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta la ŋuti:

6 Kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wo, eye mahaya wo, eye mana ŋutifafa kple nyateƒe wo fũ,

7 mana Yuda kple Israel ƒe aboyomewo nagatrɔ agbɔ, eye maɖo wo te abe tsã ene,

8 eye maklɔ wo ŋu tso woƒe vodada, siwo katã wotsɔ wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye la me, eye matsɔ woƒe vodada, siwo katã wotsɔ wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye, eye wodze aglã ɖe ŋunye la, ake wo.

9 Eye woanye dzidzɔ ŋkɔ kafukafu kple adegbeƒoƒo nam le anyigba dzi dukɔwo katã dome, amesiwo ne wose nu nyui, siwo katã mawɔ na wo ŋkɔ la, ŋɔdzi alẽ wo, eye woadzo nyanyanya le nu nyui kple ŋutifafa, siwo katã mena wo la ŋuti.

10 Ale Yehowa gblɔ esi: Teƒe sia, si ŋu miele gbɔgblɔm le be, ezu aƒedo, amegbetɔwo kple lãwo megali o, Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo tsi ƒuƒlu, eye amegbetɔwo kple lãwo megali o la,

11 afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.

12 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Teƒe sia kple eƒe duwo katã, siwo zu aƒedo, eye amegbetɔwo kple lãwo vɔ li la, aganye lãnyiƒe na lãkplɔviwo, eye lãhawo atsyɔ ake ɖi;

13 eye alẽwo agato wo xlẽla ƒe asi te ayi le to dzi duwo, bali me duwo kple dzieheduwo me le Benyamin-nyigba dzi kple Yerusalem-nutowo kple Yuda-duwo me, Yehowa ye gblɔe.


Nyagblɔɖi le Mesia ŋuti.

14 Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mawo nya nyui, si megblɔ ɖe Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe ŋu la dzi.

15 Le ŋkeke mawo me le ɣemaɣi la mana atidzedze dzɔdzɔe nadze na Dawid, eye woawo nu dzɔdzɔe, si le eteƒe le anyigba dzi.

16 Le ŋkeke mawo me la woaɖe Yuda, eye Yerusalem anɔ anyi bɔkɔɔ, eye ŋkɔ, si woayɔ nɛ la, anye „Yehowa míaƒe dzɔdzɔenyenye.“

17 Ale Yehowa gblɔ esi: Dawid ƒe amesi abɔbɔ nɔ Israel ƒe fiazikpui dzi la, mave gbeɖe o;

18 eye amesi asa numevɔ, atɔ dzo nuɖuvɔ, eye wòasa akpedavɔ le ŋkunye me ɣesiaɣi la, mave le nunɔla, siwo nye Lewi-viwo dome gbeɖe o.


Nyagblɔɖi le Mawu ƒe nubabla mavɔ la ŋu.

19 Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremya bena:

20 Ale Yehowa gblɔ esi: Ne miate ŋu atu nye nusi mebia kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã maganɔ anyi le wo ŋɔli o la,

21 ekema nye nusi mebia kple nye dɔla Dawid la atu, ale be via ɖeke mana esi, si anye fia ɖe eƒe fiazikpui dzi o; nenema ke nye nusi mebia kple nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo le subɔyem la, hã atui.

22 Alesi dziƒo ŋu nuwo mele xexlẽ me o, eye ƒutake mele dzidze me o la, nenema ke madzi nye dɔla Dawid kple nye subɔla Lewi-viwo ƒe ƒome ɖe dzii.

23 Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremya bena:

24 Mèdze si nya, si gblɔm dukɔ sia le bena: „Yehowa gbe ƒome eve, si wòda“ la oa? Ale wole alɔme ɖem le nye dukɔ ŋu, eye megaɖi dukɔ le wo ŋku me o.

25 Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe nye nusi mebia kple ŋkeke kple zã meli ke, eye meɖo dziƒo kple anyigba ƒe ɖoɖowo o la,

26 anye ne magbe Yakob kple nye dɔla Dawid ƒe ƒome, ale be nyemaɖe dziɖula tso eƒe ƒome aɖo Abraham, Isak kple Yakob ƒe ƒome la nu o. Elabena megale wo ɖo ge te, eye makpɔ nublanui na wo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan