Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nyagblɔɖi le Israel kple Yuda ƒe ɖeɖe kple amesiamina ƒe vava ŋuti.

1 Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, enye si;

2 Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ŋlɔ nya, siwo katã megblɔ na wò la, ɖe agbalẽ me.

3 Yehowa be: Elabena kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye maɖo nye dukɔ Israel kple Yuda te, mana woagbɔ va anyigba, si metsɔ na wo fofowo la dzi, eye woaxɔe wòanye wo tɔ, Yehowa ye gblɔe.

4 Nya, siwo Yehowa gblɔ ɖe Israel kple Yuda ŋu la, wonye si:

5 Ale Yehowa gblɔ esi: Míese ŋɔdziɣli, vɔvɔ̃ ɖeɖe sɔŋ, eye ŋutifafaa ɖeke meli o.

6 Mibia se, eye miɖo ŋku anyi be, ɖe ŋutsu dzia vi loo? Nukaŋuti mele ŋutsu sia ŋutsu kpɔm wotsɔ asi ɖo ali abe nyɔnu léku ene, eye woƒe ŋku me wo katã fu tititi?

7 Alele, ŋkeke ma enye ŋkeke gã, eye eteƒe mekɔ o; xaxaɣi li na Yakob, ke woaɖee le eme.

8 Yehowa Zebaot be: Ava me le ŋkeke ma dzi be, maŋe eƒe kɔkuti ɖa le wò kɔ, eye matso wò kawo, eye màgasubɔ ame tutɔwo azɔ o;

9 ke boŋ woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid, amesi ɖo ge mala na wo.

10 Yehowa be: Eyata nye ɖɔla Yakob, megavɔ̃ o, Israel, dzi megaɖe le ƒowò o; elabena maɖe wò tso didiƒe kple wò ƒome tso anyigba, si dzi woɖe aboyoe yi la dzi; Yakob agatrɔ agbɔ, eye wòagbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, amea ɖeke mado voɖi nɛ o.

11 Yehowa be: Meli kpli wò, ne maɖe wò; matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã dome mekaka wò ɖo la, ke nyematsrɔ̃ wò ya o; nyemagblẽ wò ɖi tomahemahee o, ke boŋ mahe to na wò ɖe ɖoɖo nu.

12 Ale Yehowa gblɔ esi: Woƒo wò vevie ŋutɔ, eye abi vɔ̃e le ŋuwò.

13 Wò nya meɖi amea ɖeke o, hayahaya mele wò abiawo ŋu o, eye atikea ɖeke meli na wò o.

14 Wò ahiãviwo katã ŋlɔ wò be, eye womebia ta wò se o; elabena metsɔ tohehe, si teƒe mekɔ o la, ƒo wòe abe futɔ ƒe ameƒoƒo ene le wò vodada gbogboawo kple wò nuvɔ̃ geɖeawo ta.

15 Nukaŋuti nèle ɣli dom le wò ƒoƒo ta be, wò vevesese teƒe mekɔ o? Le wò vodada gbogboawo kple wò nuvɔ̃ geɖeawo tae mewɔ nusia wò ɖo.

16 Eyata woaɖu amesiwo katã ɖu wò, eye wò ketɔwo katã ayi aboyo me; woaha amesiwo ha wò, eye woada adzo amesiwo katã da adzo wò.

17 Yehowa be: Mahaya wò, eye mayɔ dɔ wò ahiãwo; elabena wole yɔwòm be „amenyãdegbea“, Zion, „si ta womebiana sena o.“

18 Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖo Yakob ƒe agbadɔ te, eye makpɔ nublanui na eƒe nɔƒewo, woagatso du la ɖe eƒe togbɛ dzi, eye fiasã anɔ eteƒe xoxoa.

19 Kafukafuha kple dzidzɔkpɔlawo ƒe gbe aɖi le wo dome; mana woadzi ɖe dzi, eye womazu ʋee o, made bubu wo ŋu, eye womaɖi gbɔ o.

20 Viawo anɔ abe tsã ene, eƒe amehawo ali ke le ŋkunye me, eye mahe to na amesiwo katã te wo ɖe anyi la.

21 Woƒe amegã ado tso wo dome, eye wo dziɖula ado tso wo titina; mana woate va agogom, elabena amekae ado dzi, be yeate ɖe ŋunye ma? Yehowa ye gblɔe.

22 Mianya dukɔ nam, eye ma nye Mawu na mi.

23 Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ahom le tutum le dɔmedzoe me, eye ya ʋuduʋudu le ƒoƒom ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ta dzi.

24 Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mafa o, vaseɖe esime woawo eƒe dzimesusuwo dzi ade goe hafi; miava dze sii le ŋkeke mlɔeawo me xoxo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan