Yeremia 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dzimetɔtrɔ didi tso dukɔ la gbɔ. 1 Eye wògblɔ nam bena: Ne ŋutsua ɖe gbe srɔ̃a, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnu la gbɔa? Ɖe magblẽ kɔ ɖo na anyigba ma oa? Yehowa be: Ke wò la èwɔ amatre kple ahasitɔwo tso, hafi nèbe, yeatrɔ ɖe ŋunyea? 2 Fɔ kɔ dzi ɖe to ƒeƒlewo ŋu, eye nakpɔ nu! Afikae womehede asi ŋuwò le o? Ede xa ɖe mɔ to na wo abe Arabiatɔwo le gbe dzi ene, eye nètsɔ wò ahasiwɔwɔ kple vɔ̃ɖiwɔwɔ do gu anyigba la. 3 Woklo tsidzadza, eye keletsi hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo li na wò, eye ŋu gbe wò kpekpe. 4 Azɔ ɖe mède asim yɔyɔ me be, ye fofo kple yeƒe ɖekakpuime xɔlɔ̃e menye oa? 5 De wòado dziku ɖaa, eye wòalé ame ɖe dɔ me tegbeea? Kpɔ ɖa, alea nègblɔ, ke medo kpo vɔ̃wɔwɔ o. 6 Eye Yehowa gblɔ nam le fia Yosiya ŋɔli bena: Ekpɔ nusi Israel dzeaglã la wɔa? Eyi to kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo gɔme, eye wòwɔ ahasi le afima. 7 Eye nyea mebu be, esi wòwɔ nusiawo katã megbe la, atrɔ ɖe ŋunye, gake metrɔ ɖe ŋunye o, eye nɔvianyɔnu Yuda dzego la kpɔe. 8 Eye esi wòkpɔ be, megbe Israel dzeaglã la le eƒe ahasiwɔwɔ ta, eye mena srɔgbegbalẽe hã la, nɔvianyɔnu Yuda dzego la mevɔ̃ o, ke boŋ eya hã yi ɖawɔ ahasi. 9 Eye wòva me be, wotsɔ woƒe ahasiwɔwɔ ƒe howɔwɔ gblẽ kɔ ɖo na anyigba la, eye wowɔ ahasi kple kpe kpakple ati. 10 Ke to esiawo katã gbɔ hã nɔvianyɔnu Yuda dzego la metrɔ ɖe ŋunye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu, Yehowa ye gblɔe! Mawu ƒe amenuveve ŋugbedodo. 11 Tete Yehowa gblɔ nam bena: Israel dzeaglã la tɔ dzɔ wu Yuda dzego la tɔ. 12 Yi naɖaɖe gbe ƒã nya siawo do ɖe anyiehe gome bena: Israel dzeaglã, ale Yehowa gblɔ esi: Gatrɔ, nyemaɖo adã ɖe mia ŋu o, elabena amelɔ̃la menye, eye nyemalè nya ɖe dɔ me tegbee o, Yehowa ye gblɔe. 13 Yehowa be: Dze si wò vodada, elabena èto vo ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye netsa tsa glãla yi mawu tutɔwo gbɔ le ati damawo katã gɔme, eye miegbe nye gbe sese. 14 Yehowa be: Mi vi dzeaglãwo, migatrɔ va, elabena nyee nye mia srɔ̃, eye maɖe ame ɖeka tso du me kple ame eve tso ƒome me ahakplɔ mi ava Zion; 15 eye mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi nu, ne woatsɔ nunya kple gɔmesese akplɔ mi. 16 Yehowa be: Ava me be, ne miekeke ta, eye miedzi ɖe amũ gbã dzi le ŋkeke mawo me la, womagagblɔ azɔ be: „Yehowa ƒe nubablaɖaka“ o, magava ame ƒe ta me o, eye womagaɖo ŋui o, womagabia eta ase o, eye womagakpɔe o. 17 Le ɣemaɣi la woayɔ Yerusalem be: „Yehowa ƒe fiazikpui“, eye dukɔwo katã aƒo takpli ɖe afima te Yehowa ƒe ŋkɔ, si le Yerusalem la ta, eye womagazɔ le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ nu o. 18 Le ɣemaɣi la Yuda ƒe aƒe ayi Israel ƒe aƒe gbã, eye woaƒo takpli tso anyiehe-nyigba dzi ayi anyigba, si metsɔ na mia fofowo, ne wòanye domenyinu la dzi. 19 Megblɔ be: Matso wò aɖo viŋutsu teƒe, eye mana anyigba nyo la wò, si nye domenyinu vevietɔ le dukɔwo dome! Mehe. Yɔm be ye fofo, eye megatrɔ le yonyeme o. 20 Israel ƒe aƒe, Yehowa be: Alesi nyɔnu dzea go tsoa srɔ̃a gbɔ la, nenema miedze go tso gbɔnyee! 21 Wose ɣli le to ƒeƒle wo ta me, Israel-viwo ƒe avifafa kple kokoƒoƒo, elabena woto mɔ gɔglɔ̃ dzi, eye woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be. 22 Mi vi dzeaglãwo, migatrɔ va, eye mahaya mi tso miaƒe tatrawo me! Kpɔ ɖa, míeva gbɔwò, elabena wòenye Yehowa, mía Mawu! 23 Vava, alakpae nye togbɛwo kple howɔwɔ le towo dzi; vava, Israel ƒe xɔname le Yehowa, mía Mawu la gbɔ. 24 Ŋukpenamawuwo ɖu mía fofowo ƒe kesinɔnuwo tso míaƒe ɖevime ke: woƒe alẽwo kple nyiwo, woƒe ŋutsuviwo kple nyonuviwo. 25 Míamlɔ míaƒe ŋukpe me, eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi; elabena mia kple mía fofowo míewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu tso míaƒe ɖevime vaseɖe egbe, eye míeɖo to Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana