Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yeremya ŋlɔ agbalẽ na Yudatɔwo le Babel.

1 Agbalẽ, si nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ le Yerusalem ɖo ɖe aboyomeawo ƒe ame tsitsi susɔeawo, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo kple dukɔ blibo, si Nebukadnezar ɖe aboyoe tso Yerusalem yi Babel la me nya enye si;

2 le aboyoɖeɖe fia Yexonya kple fiasrɔ̃, aƒedzikpɔlawo kple Yuda-amegãwo kpakple Yerusalem-amegãwo, atikpalawo kple gbedewo tso Yerusalem megbe;

3 etsɔe de Eleasa, Safan vi, kple Gemarya, Xilkiya vi, amesiwo Yuda-fia Zedekiya dɔ ɖo ɖe Babel-fia Nebukadnezar gbɔ le Babel la si.

4 Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ na aboyomeawo katã, amesiwo mena wokplɔ tso Yerusalem yi Babel la enye si;

5 Mitso aƒe mianɔ eme; mitɔ abɔ, eye miaɖu eme kutsetse.

6 Miɖe srɔ̃, eye midzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo; miɖe nyɔnu na mia viŋutsuwo, eye miɖe ŋutsu na mia vinyɔnuwo, ne wòadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo; midzi ɖe dzi le afima, eye migazu ʋee o.

7 Midi du, si me mena woɖe aboyo mi yi la fe nyuie, eye mido gbe ɖa na Yehowa ɖe eta; elabena ne eme nyo nɛ la, eme anyo na miawo hã.

8 Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Migana miaƒe nyagblɔla, siwo le mia dome, kple miaƒe bokɔnɔwo nable mi o, eye migalé to ɖe miaƒe drɔ̃e, siwo miekuna la ŋu o.

9 Elabena alakpanya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Menye nyee do wo o, Yehowa ye gblɔe!

10 Yehowa be: Ne ƒe blaadre de na Babel vo la, ekema maɖo ŋku mia dzi, eye mawɔ nye ŋugbe nyui, si medo na mi be, magakplɔ mi ava teƒe sia la dzi.

11 Yehowa be: Elabena menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mo kpɔm na la mi.

12 Miayɔm, miaɖado gbe ɖa nam, eye maɖo to mi.

13 Miadim, eye miakpɔm, nenye be miebia tanye se tso miaƒe dzi blibo me ko.

14 Eye mana miakpɔm, Yehowa ye gblɔe. Magaɖo mi te, eye maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã dome kple teƒe, siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye makplɔ mi agbo va teƒe, si mena woɖe aboyo mi le, Yehowa ye gblɔe.

15 Ke miawo miele gbɔgblɔm be, Yehowa ye ɖo nyagblɔɖilawo na yewo le Babel.

16 Elabena ale Yehowa gblɔ ɖe fia, si bɔbɔ nɔ Dawid ƒe zikpui dzi, kple dukɔ blibo, si le du sia me, mia nɔvi, siwo meyi aboyo me kpli mi o la ŋuti enye si:

17 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpo ɖa, maɖo yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo, eye mawo wo abe gbotsetse vovo, siwo gblẽ, ɖuɖu mele wo ŋu o la ene.

18 Matso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ anyã wo ɖe nu; matsɔ wo awɔ ŋɔdzinu na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, eye woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔwo katã dome, afisi manyã wo aɖo ɖo.

19 Yehowa be: Elabena womeɖo to nye nya, siwo mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe wo ɖaa atraɖi, eye wogbe toɖoɖo la o, Yehowa ye gblɔe!

20 Ke mi aboyomewo katã, amesiwo mena wokplɔ tso Yerusalem yi Babel la, mise Yehowa ƒe nya!

21 Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe Axab, Kolaya vi, kple Zedekiya, Maaseya vi, amesiwo le alakpanya gblɔm ɖi na mi le nye ŋkɔ me la ŋu enye si: Matsɔ wo ade asi na Babel-fia Nebukadnezar, eye wòawu wo le mia ŋku me.

22 Eye woazu ɖiŋudonu na Yuda ƒe aboyome, siwo katã le Babel la bena: „Yehowa awɔ wò abe Zedekiya kple Axab, amesiwo Babel-fia mè le dzo me la ene;“

23 elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, be wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo, eye wogblɔ alakpanya, si nyemede wo si o la, le nye ŋkɔ me. Menyae, eye menye ɖasefo, Yehowa ye gblɔe!


Tohehe gbɔgblɔɖi na Semaya.

24 Eye nagblɔ na Semaya, Nexelamitɔ bena:

25 Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋkɔ me ɖo ɖe dukɔ blibo, si le Yerusalem kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi, kpakple nunɔla wo katã bena:

26 Yehowa tsɔ wò ɖo nunɔla ɖe nunɔla Yoyada teƒe, ne nanye dzikpɔla le Yehowa ƒe aƒe la me ɖe amesiame, si ƒe tagbɔ gblẽ, wòle nya gblɔm ɖi la nu, eye nadee kunyowu kple ga me.

27 Nukaŋuti mèxe ma na Yeremya, Anatotitɔ, amesi le nya gblɔm ɖi na mi la oa?

28 Elabena eɖo agbalẽ ɖe mi le Babel be: „Eteƒe adidi; eyata mitso aƒe mianɔ eme; mitɔ abɔ miaɖu eme kutsetse.“

29 Eye nunɔla Zefanya xlẽ agbalẽ sia ɖe nyagblɔɖila Yeremya ƒe to me.

30 Tete Yehowa ƒe gbe va na Yeremya bena;

31 Ɖo ame ɖa, ne woagblɔ na aboyomeawo katã bena: Ale Yehowa gblɔ ɖe Semaya, Nexelamitɔ ŋu enye si: Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ wònye nyemedɔe o hafi, eye wòna miele dzi ɖom ɖe alakpanya ŋu la,

32 eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe to na Semaya, Nexelamitɔ la, kple eƒe ƒome; amea ɖeke makpɔtɔ nɛ, si anɔ dukɔ sia dome o, eye makpɔ nyuie, si mawɔ na nye dukɔ la o, Yehowa ye gblɔe; elabena egblɔ aglãdzenya ɖe Yehowa ŋu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan