Yeremia 28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Aʋatso nyagblɔla Xananya tsi tre ɖe Yeremya ŋuti. 1 Eye wòva me le ƒe ma me le Yuda-fia Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me le ƒe enelia ƒe dzinu atɔ̃lia me be, nyagblɔɖila Xananya, Asur vi tso Gibeon, gblɔ nam le Yehowa ƒe me le nunɔlawo kple dukɔ blibo la ŋku me bena: 2 Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Maŋe Babel-fia ƒe kɔkuti. 3 Le ƒe eve megbe la matsɔ Yehowa ƒe aƒe me nusiwo katã Babel-fia Nebukadnezar tsɔ tso teƒe sia yi Babel la, agbɔ va teƒe sia. 4 Yehowa be: Makplɔ Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, kple Yuda ƒe aboyome, siwo katã yi Babel la, agbɔ va teƒe sia; elabena maŋe Babel-fia ƒe kɔkuti. 5 Tete nyagblɔɖila Yeremya ɖo ŋu na nyagblɔɖila Xananya le nunɔlawo kple dukɔ blibo la, amesiwo tsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒea me la ŋku me 6 gblɔ bena: Neva me, Yehowa newɔ alea! Yehowa newɔ wò nya, si negblɔ ɖi la dzi, eye woahe Yehowa ƒe aƒe me miawo kple aboyomeawo katã tso Babel agbɔ va teƒe sia. 7 Ɖeko se nya sia, si gblɔ ge mala ɖe wò to me kple ɖe dukɔ blibo la ƒe to me: 8 Nyagblɔɖila, siwo do ŋgɔ na mía kple wò tsã la, wogblɔ aʋawɔwɔ, dzɔgbevɔ̃e kple dɔvɔ̃ ƒe nya ɖi ɖe anyigba geɖewo kple fiaɖuƒe gãwo ŋu. 9 Ne nyagblɔɖila ɖe gblɔ ŋutifafanya ɖi, eye eƒe nya va me la, ekema wòadze sii be, Yehowa ye dɔ nyagblɔɖila sia ɖa vavã. 10 Tete nyagblɔɖila Xananya ɖe kɔkuti la le nyagblɔɖila Yeremya ƒe kɔ, eye wòŋee. 11 Eye Xananya gblɔ le dukɔ blibo la ŋku me bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Alea maŋe Babel-fia Nebukadnezar ƒe kɔkuti ɖa le dukɔwo katã ƒe kɔ le ɖe eve megbe. Eye Yeremya lé eƒe mɔ dzo. 12 Tete Yehowa ƒe gbe va na Yeremya, le esime nyagblɔɖila Xananya ŋe kɔkuti le nyagblɔɖila Yeremya ƒe ko megbe bena: 13 Yi naɖagblɔ na Xananya bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Kɔkuti atitɔ nèŋe, eye nèwɔ gatɔ ɖe eteƒe. 14 Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Gakɔkuti metsɔ de kɔ na dukɔ siawo katã, ne woanye Babel-fia Nebukadnezar te viwo, eye woasubɔe; gbemelãwo hãe metsɔ de asi nɛ. 15 Tete nyagblɔɖila Yeremya gblɔ na nyagblɔɖila Xananya bena: Xananya, see: Menye Yehowa ye do wò o, hafi nèle nanam be, dukɔ sia nanɔ dzi ɖom ɖe alakpaka ŋu. 16 Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖe wò ɖa le anyigba dzi; àku le ƒe sia me, elabena ègblɔ aglãdzenya ɖe Yehowa ŋu. 17 Eye nyagblɔɖila Xananya ku le ƒe ma me le dzinu adrelia me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana