Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yeremya bia tso fiawo kple Yudatɔwo si bena, woabɔbɔ wo ɖokui ɖe Babeltɔwo te, elabena esia nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.

1 Le Yuda-fia Zedekiya, Yosiya vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, Yehowa ƒe gbe sia va na Yeremya bena:

2 Ale Yehowa gblɔ nam enye si: Gbe ka, eye nawɔ kɔkuti atsa ku wò kɔ.

3 Eye natsɔe de dɔla, siwo va Yuda-fia Zedekiya gbɔ le Yerusalem la si aɖo ɖe Edom-fia, Moab-fia, Amon-viwo ƒe fia, Tiro-fia kple Sidon-fia.

4 Eye nade gbe wo si aɖo ɖe woƒe aƒetɔwo bena: Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la be: Ale miagblɔ na miaƒe aƒetɔwo enye si:

5 Nyee tso nye ŋusẽ gã kple nye alo, si le dzi la, wo anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.

6 Azɔ metsɔ anyigba siawo katã de asi na nye dɔla Babel-fia Nebukadnezar, eye gbemelãwo hãe metsɔ de asi nɛ, ne woasubɔe.

7 Eye dukɔ geɖewo asubɔ eya kple via kpakple eƒe tɔgbuiyɔvi, vaseɖe esime azã nade na eƒe anyigba, eye wòasubɔ dukɔ geɖewo kple fia gãwo.

8 Eye ne dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe be, yemasubɔ Babel-fia Nebukadnezar o, eye yemade kɔ Babel-fia ƒe kɔkuti me o la, matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe to na dukɔ ma, vaseɖe esime mato eƒe asi dzi atsrɔ̃e keŋkeŋ, Yehowa ye gblɔe.

9 Ke miawo la migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃ekulawo, gbesalawo kple dzotɔwo, amesiwo le gbɔgblɔm na mi be, miasubɔ Babel-fia o la o.

10 Elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi, be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigba dzi, ne manyã mi, eye miatsrɔ̃.

11 Yehowa be: Ke dukɔ, si tsɔ eƒe kɔ de Babel-fia ƒe kɔkutĩ me, eye wòsubɔe la, mana wòano anyigba dzi aɖe dzi ɖi, ade agble ɖe edzi, eye wòana edzi.

12 Meƒo nu kple Yuda-fia Zedekiya ɖe nya siawo nu pɛpɛpɛ gblɔ bena: Mitsɔ miaƒe kɔ de Babel-fia ƒe kɔkuti me, eye misubɔ eya kple eƒe dukɔ, ekema mianɔ agbe.

13 Nukaŋuti mia kple wò dukɔ miebe, yewoaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me, abe alesi Yehowa gblɔ ɖe dukɔ, si gbe be, yemasubɔ Babel-fia o la ŋu ene?

14 Eye migaɖo to nyagblɔɖila, siwo le gbɔgblɔm na mi be, migasubɔ Babel-fia o la ƒe nyawo o; elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi.

15 Yehowa be: Menye nyee do wo o, alakpanya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me, ne manyã mi ɖa, eye mia kple nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi la, miatsrɔ̃.

16 Eye ale megblɔ na nunɔlawo kple dukɔ blibo sia enye si: Yehowa be: Migaɖo to miaƒe nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi be: Kpɔ ɖa, woahe Yehowa ƒe aƒe me nuwo agbɔe tso Babel kaba la ƒe nya o; elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi.

17 Migaɖo to wo o, ke boŋ misubɔ Babel-fia, ekema mianɔ agbe. Nukaŋuti du sia nazu aƒedo ɖo?

18 Eye nenye nyagblɔɖilawo wonye, eye Yehowa ƒe gbe le wo si la, ekema woaƒo koko na Yehowa Zebaot, ne womagatsɔ nusiwo susɔ ɖe Yehowa ƒe me, ɖe Yuda-fia ƒe me kple ɖe Yerusalem la, ayi Babel o.

19 Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ ɖe sɔtiawo, gazɔ la, anyinɔawo kple nu bubuawo, siwo susɔ ɖe du sia me la ŋu;

20 nusiwo Babel-fia Nebukadnezar metsɔ dzoe, esime wòɖe aboyo Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, tso Yerusalem yi Babel hekpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe bubumewo katã ŋu la o.

21 Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe nusiwo susɔ ɖe Yehowa ƒe me, ɖe Yuda-fia ƒe me kple ɖe Yerusalem la ŋu enye si:

22 Yehowa be: Woatsɔ wo ayi Babel, eye woatsi afima, vaseɖe gbesigbe mava kpɔ wo ɖa, eye makplɔ wo agbɔe va teƒe sia.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan