Yeremia 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yeremya ɖi tso dukɔ la si bena, woatrɔ dzi me. Wotso enu hedi bena, yewoa wui, gake eɖe ɖokui nu, eye ame tsitsia ɖewo hã ʋli eta. 1 Le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, gbe sia tso Yehowa gbɔ bena: 2 Ale Yehowa gblɔ esi: Yi ɖatsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu, eye nagblɔ nya, siwo katã meto na wò be, nagblɔ na wo la, na Yuda-du, siwo katã va gbe do ge ɖa le Yehowa ƒe me; megana nyaa ɖeke nato le eme o. 3 Ɖewohĩ woasee, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi; ekema vɔ̃, si meɖo be, mawɔ wo le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta la, avem. 4 Eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ne mieɖo tom, be miazɔ ɖe nye se, siwo mede na mi nu o, 5 mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖilawo ƒe nya, siwo meɖo ɖe mi ɖaa atraɖi la o, eye miegbe wo sese la, 6 ekema mawɔ aƒe sia abe Silo ene, eye matsɔ du sia awɔ ɖiŋudonu na anyigba dzi dukɔwo katã. 7 Eye nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple dukɔ blibo la wosee Yeremya le nya siawo gblɔm le Yehowa ƒe me. 8 Eye esi Yeremya mekpɔ ɖe nu le nya, siwo katã Yehowa de esi, be wòagblɔ na dukɔ blibo la gbɔgblɔ me o la, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple dukɔ blibo la lée gblɔ bena: Àku kokoko! 9 Nukaŋuti nègblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me be, aƒe sia ano abe Silo ene, eye du sia agba azu aƒedo? Tete dukɔ blibo la ƒo takpli de Yeremya ŋu le Yehowa ƒe me. 10 Esi Yuda-amegãwo se nya siawo la, wotso fia ƒe me va Yehowa ƒe me, eye wobɔbɔ nɔ Yehowa ƒe agbo yeye la nu. 11 Tete nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo gblɔ na amegãwo kple dukɔ blibo la bena: Ŋutsu sia dze ku; elabena egblɔ nya ɖi ɖe du sia ŋu, abe alesi mia ŋutɔwo miesee kple miaƒe to ene. 12 Eye Yeremya gblɔ na amegãwo katã kple dukɔ blibo la bena: Yehowa ye dɔm, be magblɔ nya, siwo katã miese la, ɖe aƒe sia kple du sia ŋu. 13 Azɔ miɖo miaƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo ɖo, eye mise Yehowa, mia Mawu ƒe gbe; ekema vɔ̃, si Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu la, avee. 14 Ke nye la mele mia si me, miwɔm abe alesi dze, eye wònyo mia ŋu ene. 15 Ke ne miewum la, ekema minyae be, miehe ʋu maɖifɔ va mia ɖokui kple du sia kpakple emenɔlawo dzi; elabena nyateƒe Yehowa dom ɖe mi, be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me. 16 Tete amegãwo kple dukɔ blibo la gblɔ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo bena: Ŋutsu sia medze ku o, elabena eƒo nu na mí le Yehowa, mía Mawu ƒe ŋkɔ me. 17 Eye ŋutsuwo tsi tre tso anyigba la ƒe ame tsitsiwo dome gblɔ na dukɔ la ƒe takpekpe blibo la bena: 18 Mixa, Morasitɔ la, gblɔ, nya ɖi le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda-dukɔ blibo lã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu anyiglãgo, eye gbedoxɔ ƒe togbɛ la azu togbɛ toave. 19 Ɖe Yuda-fia Xizkiya kple Yuda blibo la wuia? Ɖe mevɔ̃ Yehowa boŋ, eye wòƒo koko na Yehowa, ale be vɔ̃, si Yehowa gblɔ ɖe wo ŋu la, vee oa? Eye ɖe miawo míahe vɔ̃ gã sia ava mia ɖokui dzia? 20 Eye ŋutsu bubu gblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me, amesi ŋkɔ nye Uriya, Semaya vi, tso Kiryat-Yearim; egblɔ nya ɖi ɖe du sia kple anyigba sia ŋu wòsɔ kple Yeremya ƒe nyawo. 21 Eye esi fia Yoyakim kple eƒe kalẽtɔwo katã kpakple amegãwo katã se eƒe nyawo la, fia la di be, yeawui. Ke Uriya see, eye wòvɔ̃ hesi yi Egipte. 22 Tete fia Yoyakim da amewo ɖe Egipte. Elnatan, Axbor vi, kple ŋutsu, siwo kpe ɖe eŋu. 23 Wokplɔ Uriya tso Egipte vɛ na fia Yoyakim, eye wòwui kple yi hetsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe dukɔ hahoo la ƒe yɔdowo dzi. 24 Ke Axikam, Safan vi, kpe ɖe Yeremya ŋu, eye metsɔe de asi na dukɔ la, be wòawu o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana