Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wotsɔ gboti nyui kple gboti manyomanyo wɔ kpɔdzidze na Yuda-dukɔ la.

1 Esi Babel-fia Nebukaɖnezar ɖe aboyo Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, kple Yuda-amegãwo, atikpalawo kple gbeɖewo tso Yerusalem yi Babel megbe la. Yehowa na mekpɔ gbotsetse kusi eve, si wotsɔ da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ nu.

2 Gbotsetse nyui, siwo le abe gbotsetse ŋgɔgbeawo ene la, le kusi ɖeka me, eye gbotsetse gbegblẽwo le kusi evelia me, esiwo gblẽ, ale be womelé ɖuɖu me o.

3 Eye Yehowa gblɔ nam be: Yeremya, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be. Gbotsetsewoe; gbotsetse nyuitɔwo nyo ŋutɔ, eye gbegblẽawo gblẽ vevie, ale be ɖuɖu mele wo ŋu o.

4 Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena:

5 Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mekpɔ nyuie ɖe Yuda ƒe aboyome, siwo menya tso teƒe sia ɖo ɖe Kaldea-nyigba dzi la ŋu, abe gbotsetse nyui siawo ene.

6 Matsɔ nye ŋku aɖo wo ŋu hena nyuiwɔwɔ, eye mana woatrɔ agba va anyigba sia dzi, matu wo, eye nyemagbã wo o, mado wo, eye nyemaho wo o.

7 Mana dzi wo, ne woatsɔ adze sim be, nyee nye Yehowa; woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo, nenye be wotrɔ ɖe ŋunye tso woƒe dzi blibo me.

8 Alé Yehowa gblɔ esi: Alesi gbotsetse gbegblẽawo gblẽ, ale be ɖuɖu mele wo ŋu o la, nenema mawo Yuda-fia Zedekiya kple eƒe amegãwo, amesiwo kpɔtɔ ɖe Yerusalem, kple amesiwo susɔ ɖe anyigba la dzi, kpakple amesiwo le Egipte-nyigba dzi lae.

9 Matsɔ wo awɔ bibi kple dzɔgbevɔ̃e na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, ahamasinu kple ɖiŋudonu le teƒe, siwo katã manyã wo aɖo ɖo.

10 Maɖo yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo, vaseɖe esime woatsrɔ̃ avɔ le anyigba, si metsɔ na woawo kple wo fofowo la dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan