Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le lãkplɔla vɔ̃ɖiawo ŋuti. Lãkplɔvi nyuia ɖe kple fia, si atso Dawid ƒe ƒome la ŋugbedodo.

1 Yehowa be: Baba na lãkplɔvi, siwo tsrɔ̃ nye lãnyiƒe ƒe alẽwo, eye woka wo hlẽ la!

2 Eyata ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe lãkplɔvi, siwo le nye dukɔa kplɔm la ŋu enye si: Miekaka nye alẽwo, mienyã wo ɖe gbe, eye miedi wo yome mɔ o, eyata mahe to na mi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta; Yehowa ye gblɔe!

3 Maƒo nye alẽ mamleawo nu ƒu atso anyigba, siwo katã dzi menya wo ɖo ɖa la dzi, eye magakplɔ wo ava woƒe gbeɖuƒe, eye wòadzi akeke ta.

4 Eye maɖo lãkplɔviwo wo nu, amesiwo anyi wo; womagavɔ̃ azɔ o, dzi magaɖe le wo ƒo o, eye wo dometɔa ɖeke mabu o, Yehowa ye gblɔe.“

5 Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye dzidzimevi dzɔdzɔea ɖe ado na Dawid, aɖu dzi abe fia ene, eye woawo nu ɖe nunya me, adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba dzi.

6 Le eŋɔli woaɖe Yuda, eye Israel ana anyi bɔkɔɔ. Eye ŋkɔ, si woava nɛ la, enye: „Yehowa, míaƒe dzɔdzɔenyenye“.

7 Yehowa be: Eyata kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi womagagblɔ azɔ be, yewota Yehowa, amesi kple Israel-viwo tso Egipte-nyigba dzi la ƒe agbe o,

8 ke boŋ yewota Yehowa, amesi kplɔ Israel ƒe aƒe la ƒe viwo tso anyiehe-nyigba kple anyigba, siwo katã dzi wònyã wo ɖo ɖa la dzi vɛ, ne woanɔ woƒe anyigba dzi la ƒe agbe.


Le nyagblɔɖilawo ŋuti.

9 Ɖe nyagblɔɖilawo ŋu: Nye dzi fli ɖe do me nam, eye nye ƒuwo katã zu behebehe; mezu abe ahamula kple ŋutsu, si wein wu ko na la ene le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔeawo ta.

10 Elabena ahasitɔwo yɔ anyigba la dzi fũ, fiƒode na nu ti ka na anyigba la, eye gbegbe ƒe lãnyiƒewo ƒu, elabena woƒe zɔzɔme enye vɔ̃, eye woƒe kalẽwɔwɔ mele eteƒe o.

11 Yehowa be: Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye ame tovowo, eye mekpɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le aƒenye me ke hã.

12 Elabena woƒe mɔ dzi aɖiɖi dredredre na wo le blukɔ me, eye woakli nu adze anyi le edzi; elabena mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi le ƒe, si me mahe to na wo la, Yehowa ye gblɔe.

13 Mekpɔ bometsinuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Samaria la hã ŋu: Wogblɔ nya ɖi to Baal dzi, eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.

14 Ke mekpɔ ŋunyɔnuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem la ŋu: Wole amatre wɔm, wole alakpadada dzi, eye wodo ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi, ale be wometrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me o; wo katã le nam abe Sodom ene, eye emenɔlawo le abe Gomora ene.

15 Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋu enye si: Kpɔ ɖa, mana atsa wo woaɖu, eye makpe aɖitsi na wo woano; elabena nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem, gbɔ nu tovo wɔwɔ yi ɖe anyigba blibo la dzi.

16 Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Migaɖo to nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi la o; mia flum wole, eye woawo ŋutɔ ƒe dzi ƒe ŋutega tom wole, menye Yehowa ƒe nu me wòtso o,

17 Wole gbɔgblɔm na amesiwo le vlo domem la be: „Eme anyo na mi“, eye wole gbɔgblɔm na amesiwo katã le zɔzɔm ɖe woƒe dzimesesẽ nu la be: „Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mava mia dzi o“.

18 Elabena amesi nɔ Yehowa ƒe aɖaŋu me, amesi kpɔ nu, eye wose eƒe nya, amesi léa to ɖe nye nya ŋu la, eya natsɔe aɖe gbe ƒãe!

19 Kpɔ da, Yehowa ƒe ahom kple eƒe dziku tso, eye yali abla ta na ame vɔ̃ɖiwo kɔtɔɔ.

20 Yehowa ƒe dɔmedzoe matrɔ kɔ o, negbe ɖeko wòawɔ eƒe dzimesusu dzi ade goe hafi; le ŋkekeawo ƒe nuwuwu la miadze sii.

21 Menye nyee dɔ nyagblɔɖilawo, hafi wole du ƒum o, eye menye nyee ƒo nu kpli wo, hafi wole nya gblɔm ɖi o.

22 Ɖe wònye ɖe wònɔ nye adaŋu me la, anye ne woɖe gbe ƒã nye nyawo na nye dukɔ, eye wòtrɔ wo tso woƒe mɔ vɔwo dzi kple woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo me.

23 Yehowa be: Kpuiƒe ƒe Mawu ko menye, eye nyemenye adzɔge ƒe Mawu oa?

24 Yehowa be: Ɖe ame aɣla ɖe ɣaɣlɛƒe, eye magbe ekpɔkpɔa? Yehowa be: Ɖe menye nyee yɔ dziƒo kple anyigba dzi taŋ oa?

25 Mese nyagblɔɖilawo ƒe nuƒoƒo, amesiwo le alakpanya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me be: Meku drɔ̃e, meku drɔ̃e!

26 Ɣekaɣi hafi nyagblɔɖila, siwo gblɔa alakpanya ɖi, amesiwo nye nyagblɔɖilawo le woƒe dzi ƒe alakpadada nu la, atrɔ ta me?

27 Wo amesiwo di be, yewoatsɔ yewoƒe drɔ̃ekuku, siwo wo dome amesiame li na ehavi la, ana nye dukɔ naŋlɔ nye ŋkɔ be, abe alesi wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be le Baal ŋuti ene.

28 Yehowa be: Nyagblɔɖila, si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e, eye amesi si nye nya le la, negblɔ nye nya le nyateƒe me; tsro gbɔ nya kae tsɔ lu gbɔ nya?

29 Yehowa be: Ɖe nye nya mele abe dzo ene, eye abe zũ, si agba agakpe gudugudu la ene oa?

30 Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mado ɖe nyagblɔɖila, siwo le nye nya fim le wo nɔewo gbɔ la dzi.

31 Yehowa be: Kpɔ ɖa, mado ɖe nyagblɔɖila, siwo gblɔa woawo ŋutɔ ƒe nya henɔa gbɔgblɔm be „Mawu ƒe gbee“ la dzi.

32 Kpɔ ɖa, ale Yehowa gblɔ esi: Mado ɖe amesiwo tsɔ alakpa drɔ̃ewo gblɔa nya ɖi, eye wolia wo la dzi, amesiwo tsɔa woƒe alakpadadawo kple adegbeƒoƒowo kplɔa nye dukɔ tranae, evɔ wònye nyemedɔ wo o, eye nyemeɖo wo ɖa o hafi; womenye viɖea ɖeke na nye dukɔ o, Yehowa ye gblɔe.

33 Eye ne dukɔ sia, nyagblɔɖila alo nunɔlaa ɖe bia wò be, nuka nye Yehowa ƒe agba hã la, ekema ɖo ŋu na wo be: Yehowa be: Miawoe nye agba la, eye matsɔ mi aƒu anyi.

34 Eye ne nyagblɔɖila, nunɔla kple dukɔ la gblɔ be „Yehowa ƒe agba“ la, mahe to na ŋutsu ma kple eƒe aƒe siaa.

35 Ale mia dome amesiame nagblɔ na ehavi kple nɔvia enye si: Aleke Yehowa ɖo eŋui, eye nya ka Yehowa gblɔ?

36 Ke migakɔ nu le „Yehowa ƒe agba“ dzi azɔ o; elabena amesiame ƒe nya azu agba nɛ, le esi mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa Zebaot, mía Mawu la ƒe nyawo ta.

37 Eyata gblɔ na nyagblɔɖila be: Aleke Yehowa ɖo eŋui, eye nya ka Yehowa gblɔ?

38 Ke esi mienɔa gbɔgblɔm be „Yehowa ƒe agba“ la, le esia ta Yehowa gblɔ be: Esi miele nya sia gblɔm be „Yehowa ƒe agba“, evɔ wònye meɖo ame de mi gblɔ be, migagblɔ be „Yehowa ƒe agba“ o hafi la,

39 eyata kpɔ ɖa, makɔ mi ɖe dzi, eye matsɔ mia kple du, si metsɔ na mia kple mia fofowo la, aƒu gbe tso ŋkunye me,

40 eye mahe ŋukpe mavɔ kple vlododo mavɔ, si womaŋlɔ be akpɔ o la, ava mia dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan