Yeremia 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yeremya ɖe gbe ƒã Yerusalem ƒe gbegblẽ, eye wona mɔ, si dzi woakpɔ ɖeɖe atoe la. 1 Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, enye si, esime fia Zedekiya dɔ Pasxur, Malxiya vi, kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi, ɖo ɖe egbɔ, ne woagblɔ bena: 2 Bia gbe Yehowa na mi, elabena Babel-fia Nebukaɖnezar le aʋa wɔm kpli mí; ɖewohĩ Yehowa awɔ na mí ɖe eƒe nukunuwo katã nu, eye wòaho adzo tso mia ŋu. 3 Tete Yeremya gblɔ na wo bena: Míɖagblɔ na Zedekiya be: 4 Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana miaƒe aʋawɔnu, siwo le mia si mietsɔ le aʋa wɔm le glia godo kple Babel-fia kpakple Kaldeatɔwo, amesiwo xaxa mi ɖo la, natrɔ agbo, eye maƒo wo nu ƒu ɖe du sia titina; 5 matso alɔ, si le dzi, kple abɔ sesẽ awɔ aʋa kpli mi le dɔmedzoe, dziku kple nyanyrã gã me; 6 eye mawu du sia me nɔlawo amegbetɔwo kple lãwo siaa, dɔvɔ̃ gãe awu wo. 7 Yehowa be: Emegbe la matso Yuda-fia Zedekiya, eƒe dɔlawo kple dukɔ la kpakple amesiwo susɔ ɖe du sia me tso dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame nu la, ade asi na Babel-fia Nebukadnezar kple woƒe futɔwo kpakple amesiwo le woƒe ku dim, eye wòatsɔ yi ɖaɖɛ awu wo, mave wo nu o, makpɔ wo ta o, eye makpɔ nublanui na wo o. 8 Eye gblɔ na dukɔ sia be: Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ da, metsɔ agbemɔ kple kumɔ le mia ŋku me ɖom: 9 Amesi tsi du sia me la, aku de yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me; ke amesi do yi Kaldeatɔ, siwo de to ɖe mi gbã la, atsi agbe, eye eƒe agbe anye aboyonu nɛ. 10 Yehowa be; Metrɔ nye ŋku me ɖe du sia ŋu ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu, menye ɖe nyuiwɔwɔ ŋu o; woatsɔe ade asi na Babel-fia, ne woatɔ dzoe. 11 Eye gblɔ na Yuda-fia, Dawid ƒe aƒe la bena: Mise Yehowa ƒe nya: 12 Dawid ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe ŋdi sia ŋdi, eye mixɔ amesiwo woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me, ne nye dziku magalé abe dzo ene, eye wòabi woade tsitsi ge ado kpoe le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ta o! 13 Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò balime nɔla, wò gbadzaƒe ƒe agakpe, mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Ameka aɖi abu ɖe mía dzi, eye ameka ava mia nɔƒe? 14 Yehowa be: Mahe to na mi ɖe miaƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse nu, eye mado dzo ɖe woƒe ave me, ne wòabi woƒe nutowo katã me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana