Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Pasxur wɔ fu Yeremya. Yeremya ɖe gbe ƒã Babilonia boyomenɔnɔ.

1 Esi nunɔla Pasxur, Imer vi, amesi nye dzikpɔlawo ƒe amegã le Yehowa ƒe me la, se Yeremya le nya siawo gblɔm ɖi la,

2 Pasxur ƒo nyagblɔɖila Yeremya, eye wòbɔ pãe ɖe Benyamin-gbo dzigbeta, si le Yehowa ƒe aƒe ŋu la nu.

3 Eye esi ŋu ke ɖa, Pasxur na woɖaɖe Yeremya le pã me. Tete Yeremya gblɔ nɛ bena: Yehowa megayɔ wò be Pasxur azɔ o, ke boŋ „ŋɔdzi li godoo“.

4 Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ ŋɔdzi na wò ŋutɔ kple xɔ̃wòwo katã, woatsi woƒe tutɔwo ƒe yi nu, eye àkpɔ eteƒe. Matsɔ Yuda blibo la ade asi na Babel-fia, aɖe aboyo wo ayi Babel, eye wòawu wo kple yi.

5 Eye matsɔ du sia ƒe nusiwo katã wòtu ɖo, eƒe nukpɔkpɔwo katã kple nu veviwo katã kpakple Yuda-fiawo ƒe kesinɔnuwo katã ade asi na woƒe futɔwo, eye woaha wo ahatsɔ wo ayi Babel

6 Ke woaɖe aboyo wò Pasxur kple aƒewò me tɔwo katã, eye mia kple xɔwo, siwo katã nèka aʋatso gblɔ nya di na la, míayi Babel aku woaɖi ɖe afima.


Yeremya fa konyi bena, yezu nyagblɔɖila.

7 Yehowa, eƒo nya ɖe nunye, eye melɔ̃ neƒoe ɖe nunye, èlèm sesẽ, eye nèkpe le dzinye; mezu alɔmeɖenu ŋkeke blibo la, eye wo katã wole koyem.

8 Elabena ne mebe, maƒo nu ɣesiaɣi la, ele be, manɔ ɣli dom, eye manɔ boblo dom nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple ŋutasesẽ; elabena Yehowa ƒe nya zu dzu kple vlododo nam ŋkeke blibo la.

9 Eye ne mebe, maɖe ŋku ɖa le edzi, eye magaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o la, enɔa nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia ko nam, eye wògloam.

10 Mese ame geɖewo ƒe ameŋulili kple ŋɔdzi godoo be: „Miɖe egɔme ɖe go, ne miaɖe egɔme ɖe go“! Amesiwo katã nye xɔ̃nyewo la, le xa me ɖe nye anyidzedze ŋu be: Ɖewohĩ ana woblee, eye míaɖi ba ɖe edzi ahabia míaƒe hlɔ̃e.

11 Ke Yehowa, nye kalẽtɔ sesẽ, li kplim, eyata yonyemetilawo adze anyi, eye woƒe alɔ made dzi o, ŋu akpe wo, elabena womedze aye o, ŋukpe mavɔ, si womaŋlɔ be akpɔ o la, wòanye

12 Wò Yehowa Zebaot, amesi doa ame dzɔdzɔe la kpɔna, eye nèɖea ŋku de ayiku kple dzi la, na makpɔ wò hlɔ̃biabia ɖe wo ŋu, elabena asiwò me metsɔ nye nya de?

13 Midzi ha na Yehowa, mikafu Yehowa, elabena eɖe hiãtɔ ƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo si me!

14 Aɖi ŋkeke, si dzi wodzim la ŋu kpekpekpe; womayra gbesigbe danye dzim o!

15 Aɖi ŋutsu, si he dzidzɔnya vɛ na fofonye be, wodzi ŋutsuvi ne, eye wòdo dzidzɔ nɛ ŋutɔ la ŋu kpekpekpe!

16 Ŋutsu ma nenɔ abe du, siwo Yehowa trɔ bu anyi, eye mevee o la ene! Nese aƒadodo le ŋdi kple aʋaɣli le ŋdɔ!

17 Elabena mewum ɖe dɔ me, ne danye nanye yɔdo nam, eye tu natsi eƒo tegbee o! Nukata medo tso danye ƒe dɔ me ɖo, ne manɔ fukpekpe kple nuxaxa kpɔm, eye nye ŋkekewo nayi le ŋukpe me?

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan