Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wogblɔ Yerusalem ƒe gbegblẽ ɖi to zea ɖo gbagbã me.

1 Ale Yehowa gblɔ esi; Yi naɖaƒle ze le zemela si, eye naɖe dukɔ la ƒe ame tsitsiwo kple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo akpe ɖe ɖokuiwò ŋu

2 nayi Ben-Hinom-bali me, si le zemegboa ŋgɔdze la me, eye naɖe gbe ƒã nya, siwo gblɔ ge mala na wò la le afima.

3 Eye nagblɔ na wo bena: Mi Yuda-fiawo kple mi Yerusalemtɔwo, mise Yehowa ƒe nya! Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mele dzɔgbevɔ̃e he ge ava teƒe sia dzi, eye amesiwo katã see la ƒe tome laɖi yeŋ;

4 elabena wogblẽm ɖi, eye wodo gu teƒe sia, wodo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo woawo kple wo fofowo kpakple Yuda-fiawo menya o la, le afima, eye wotso ame maɖifɔwo ƒe ʋu ya teƒe sia taŋ;

5 wodi nuxeƒewo na Baal, ne woata dzo wo viwo abe numevɔsa ene na Baal, nusi nyemeɖo na wo o, nyemegblɔe na wo, alo wòahayi nye ta me va ge gɔ̃ hã o.

6 Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi womagayɔ teƒe sia be Tofet kple Ben-Hinom-bali me o, ke boŋ be amewubalime.

7 Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe adaŋudede me le teƒe sia, eye mana woatsi woƒe futɔwo ƒe yi nu kple amesiwo le woƒe ku dim la si me, eye matso woƒe kukuawo ana dziƒoxewo kple gbemelãwo woaɖu.

8 Mana du sia nazu gbegbe kple alɔmeɖenu; amesiame, si to eŋu yina la ƒe nu aku le eƒe fuɖenamewo katã ŋu, eye wòaɖe alɔme le eŋu.

9 Mana woaɖu woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ƒe lã, eye amesiame naɖu ehavi ƒe lã le toɖeɖe kple xaxa, siwo woƒe futɔwo kple amesiwo le woƒe ku dim la, kplɔ ƒu wo la me.

10 Eye nagbã ze la le ŋutsu, siwo yi kpli wò la ŋku me,

11 ahagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi; Alea magbã dukɔ sia kple du siae, abe alesi wogbãa zemela ƒe ze eye womegatea ŋu trenɛ o la ene, eye woaɖi ame ɖe Tofet, le esi ameɖiƒe le vevem ta.

12 Yehowa be: Alea mawo teƒe sia kple edzinɔlawoe, eye mawɔ du sia woazu Tofet.

13 Eye mado gu Yerusalem-xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo abe teƒe Tofet ene, xɔ, siwo katã ta me wodo dzudzɔ le na dziƒo ŋu nuwo katã, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le.

14 Eye Yeremya gbɔ tso Tofet, afisi Yehowa ɖoe ɖo, be wòaɖagblɔ nya ɖi le la, etsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu hegblɔ na dukɔ blibo la bena:

15 Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe wo ŋu la, ava du sia kple eƒe duwo katã dzi; elabena wolia ʋume goŋgoŋ hegbe nye nyawo sese.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan