Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dzimetɔtrɔ nyo, ke dzimematrɔmatrɔ gblẽa ame.

1 Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, enye si:

2 Tso, nayi zemela ƒe me, afima mana nase nye nyawo le.

3 Tete meyi zemela ƒe me, eye kpɔ ɖa, ele dɔ wɔm le zemenu dzi.

4 Eye ne ze, si mena wòle la gblẽ, abe alesi tsu dia wɔwɔ le zemela si me godoo ene la, ekema zemela la tsɔnɛ woa ze bubui, alesi dze eŋu wòbe, yeawɔ.

5 Tete Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena:

6 Ale Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ mi, abe alesi zemela sia wona ene oa? Israel ƒe aƒe, kpo ɖa, alesi tsu le zemela si mee la, nenema miele asinye mee!

7 Fifia meƒo nu kple dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe, be mahoe ɖa, magbãe, eye matsrɔ̃e;

8 ke ne dukɔ ma trɔ tso eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, si ŋu meƒo nu le me la, ekema vɔ̃, si meɖo be, mawɔe la, avem.

9 Ɣebubuɣi la meƒo nu le dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe ŋu be, matsoe, eye made eƒe agunu to;

10 ke ne ewo nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye meɖo to nye gbe o la, ekema nyuie, si megblɔ be, mawo nɛ la, avem.

11 Azɔ gblɔ na Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe mia ŋu, eye meɖo ta me ɖe mia ŋu. Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mo vɔ̃wo dzi, eye miɖo miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo ɖo.

12 Ke wogblɔ bena: Dzodzroe! Elabena míazɔ ɖe míaƒe susuwo nu, eye mía dome amesiame awu nu ɖe eƒe dzimesesẽ vɔ̃ɖi nu.

13 Mibia se le dukɔwo dome be, ameka se esia tɔgbe kpo hã? Nu gbegblẽ ŋutɔŋutɔ Israel-ɖetugbi wɔ.

14 De Libanon ƒe sno dzona ɖa le towo ƒe agakpewo dzia, eye ɖe to gã fafɛ, siwo le sisim la miena?

15 Elabena nye dukɔ la ŋlɔm be, eye wódoa dzudzɔ na nu dzodzroawo, siwo kplɔa wo ɖa tsoa woƒe mo, si nye toƒe mava la dzi, ne woazɔ mɔ kple toƒe xexewo;

16 ne woana woƒe anyigba nazu gbegbe kple alɔmeɖenu tegbee, ne amea ɖe to eŋu yina la, eƒe nu aku, eye woaʋuʋu ta.

17 Makaka wo ahlẽ le woƒe futɔwo nu abe ɣedzeƒeya ene, matrɔ ʋume ade wo le woƒe tsɔtsrɔ̃gbe, eye menye ŋku me o.


Yeremya ƒe konyifafa kple gbedodoɖa.

18 Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.

19 Yehowa, lé to ɖe ŋunye, eye nase nye ketɔwo ƒe gbe.

20 Ɖe wotsɔa vɔ̃ ɖoa nyuie teƒe, hafi woawo ɖe ʋe na nye luʋɔa? Ɖo ŋu, alesi metsi tre ɖe ŋkuwò me, be magblɔ nya nyui ɖe wo ŋu, ne wò dziku nu nafa ɖe wo ŋu.

21 Eyata tso woƒe ŋutsuviwo de asi na dɔwuame, eye naxlã wo ɖe yi nu, na woaɖe vi le wo srɔ̃wo ŋu, eye woazu ahosi, ku natsrɔ̃ woƒe ŋutsuwo ɖa, eye yi ne wu woƒe ɖekakpuiwo le aʋa me.

22 Wòase ɣlikpɛ le woƒe aƒewo me, ne èkplɔ adzohawo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi; elabena woɖe ʋe, be yewoatsɔ aɖem, eye woɖo mɔ̃ na nye afɔwo.

23 Ke wò, Yehowa, ènya woƒe tame, siwo katã woɖo ɖe ŋunye hena nye ku; megatsyɔ nu woƒe vodadawo dzi o, eye megatsi woƒe nuvɔ̃ nu le ŋkuwò me o; ke boŋ wòadze anyi le ŋkuwò me. Wo wo alea le wò dɔmedzoedogbe!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan