Yeremia 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Trɔ̃subɔsubɔ, dziɖoɖo ɖe amegbetɔ ŋu kple amebeble ƒe tohehe. 1 Wotsɔ ganuŋlɔnu kple lotamekpe tsutsuẽ ŋlɔ Yuda ƒe nuvɔ̃wo ɖe woƒe dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋu. 2 Woƒe vɔsamlekpuiwo kple woƒe Aserawo, siwo le ati damawo te kple togbɛ kɔkɔwo ta me la, le ŋku dzi na wo abe wo viwo ene. 3 Matsɔ nye to le agble me, wò kesinɔnuwo kple wò nu xɔasiwo katã kpakple wò nuxeƒewo ana woaha, le nuvɔ̃, siwo nèwɔ le wò anyigbawo katã dzi la ŋuti. 4 Eye aɖe asi le wò domenyinu, si metsɔ na wò la ŋu, eye mana nasubɔ wò futɔwo le anyigba, si menya o la dzi, elabena miede dzo nye dɔmedzoe la me, eye wòabi tegbee. 5 Ale Yehowa gblɔ esi: Aɖi ŋutsu, si ƒe dzi te ɖa le Yehowa ŋu, eye wòle dzi ɖom ɖe amegbetɔ ŋu hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe alɔe la ŋuti kpekpekpe! 6 Anɔ abe fekplɔ le gbegbe ene, eye ne dzɔgbenyuie va la, makpɔe o, anɔ kuɖiɖinyigba dzi kple dzeƒee le tagba, afisi menye ame nɔƒe o. 7 Woayra ŋutsu, si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, ame ƒe nu ɖoŋuɖeŋua enye Yehowa! 8 Eyama le abe ati, si wodo ɖe tɔ to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene; ne ŋdɔ le vevem la, mevɔ̃na o, eye eƒe aŋgbawo dea ama; ne ku ɖi hã, metsia dzimaɖi o, eye wonɔa tsetse dzi ɖaa. 9 Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma? 10 Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye meɖoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu. 11 Amesi ƒo kesinɔnu nu ƒu, ke menye to dzɔdzɔenyenye mɔ dzi o la, ele abe tegli, si ƒo vi, gake menye eya ŋutɔe ɖa azi la o la ene; agblẽe ɖi le eƒe agbenɔnɔ titina, eye le nuwuwu me la azu bometsila. 12 Ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui, si ɖo kpo tso gɔmedzedzea me ke la, enye míaƒe kɔkɔeƒe la nɔƒe. 13 Wò Yehowa, Israel ƒe nukpɔkpɔ, amesiwo katã gblẽ wò ɖi la ŋu akpe wo! Woaŋlɔ amesiwo ɖe megbe le ŋuwò la ƒe ŋkɔ ɖe kewɔ me; elabena wogblẽ Yehowa, tsi gbagbe vudo la ɖi! 14 Yehowa, yɔ dɔm, ne mahaya, xɔ nam, ne woaɖem, elabena wòe nye nye kafukafu. 15 Kpɔ ɖa, ame kemeawo le gbɔgblɔm nam be: Afika Yehowa ƒe nya tsi? Neva dzro! 16 Nyemegbe be, maganye lãkplɔvi le yowome o, eye ŋkeke vɔ̃e la medzrom o, wò ŋutɔ ènyae; nya, si do tso nye nuyi me la, nɔ nyanya na wò. 17 Meganye ŋɔdzi nam o dzro, wò, nye sitsoƒe le dzɔgbevɔ̃eɣi. 18 Ŋu nekpe yonyemetilawo, ke nye la, ŋu megakpem o, dzi neɖe le wo ƒo, ke dzi megaɖe le nye ya ƒo o. He dzɔgbevɔ̃eɣi va wo dzi, eye nagbã wo gudugudu agagbã wo ɖe dzi! Miwɔ Sabat kɔkɔe. 19 Ale Yehowa gblɔ nam enye si: Yi naɖatsi tre ɖe mia ɖeviwo ƒe agbo kple Yerusalem ƒe agbowo katã, esiwo me Yuda-fiawo tona vaa me, eye wogadona la nu; 20 eye nagblɔ na wo bena; Mi Yuda-fiawo kple Yuda blibo la kpakple mi Yerusalemtɔwo katã, mi amesiwo gena ɖe agbo siawo me la, mise Yehowa ƒe nya! 21 Ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ miaƒe agbe dzi, eye migatsɔ agba le dzudzɔgbe la dzi, ne miatsɔ ato Yerusalem-gbowo nu ava mee o. 22 Migatsɔ agba tso miaƒe aƒewo me do goe le dzudzɔgbe la dzi o, migawɔ dɔa ɖeke ƒomevi o, eye mikɔ dzudzɔgbe la ŋu, abe alesi mede se na mia fofowo ene. 23 Ke wogbe toɖoɖo, eye womeƒu to anyi o, ke boŋ wolia ʋume, womeɖo to o, eye wodo toku tohehe. 24 Yehowa be: Nenye be, mieɖo tom, mietsɔ agba ge ɖe ɖu sia ƒe agbowo me le dzudzɔgbe la dzi o, eye miekɔ dzudzɔgbe la ŋu, miewɔ dɔa ɖeke le edzi o la, 25 ekema fiawo kple amegãwo, amesiwo abɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi la, aɖo tasiaɖamwo, eye woaɖo sewo age ɖe du sia ƒe agbowo me, woawo kple woƒe amegãwo. Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa, eye woanɔ du sia me tegbee. 26 Eye amewo atso Yuda-duwo kple Yerusalem-nutowo me, tso Benyamin-nyigba dzi, tso balimewo kple towo dzi kpakple tso dziehe, eye woahe numevɔsa, akpedavɔsa, nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋẽedonu vɛ, eye woatsɔ kafukafuvɔsa ava Yehowa ƒe me. 27 Ke ne miegbe toɖoɖom, miekɔ dzudzɔgbe la ŋu o, eye mietsɔ agba ge ɖe Yerusalem ƒe agbowo me le dzudzɔgbe dzi la, ekema mado dzo ɖe eƒe agbowo nu, be wòafiã Yerusalem ƒe fiasãwo, eye matsi o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana