Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yudatɔwo gbegblẽ kple wo nyanyã ɖa le woƒe legbasubɔsubɔ ta.

1 Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:

2 Megaɖe srɔ̃ o, ne màgadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo ɖe teƒe sia o.

3 Elabena ale Yehowa gblɔ ɖe ŋutsuvi kple nyɔnuvi, siwo wodzi ɖe teƒe sia, kple wo dada, siwo dzi wo, kpakple wo fofo, siwo dzi wo le anyigba sia dzi la ŋu enye si:

4 Dɔvɔ̃ awu wo, womafa na wo o, womaɖi wo o, eye woanye gbeɖuɖɔ ɖe anyigba dzi; yi kple dɔwuame atsrɔ̃ wo, eye woƒe kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxewo kple gbemelãwo.

5 Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Megayi ahoxɔ me o, megayi kuteƒe o, eye megado baba na wo o; elabena meɖe nye ŋutifafa, amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ɖa le dukɔ sia ŋu, Yehowa ye gblɔe.

6 Tsitsiawo kple ɖeviawo aku le anyigba sia dzi, womaɖi wo o, eye womafa na wo o, womasi blinui o, eye womalũ ta kokoe le wo ta o.

7 Womaɖu yɔƒenu ahatsɔ afa akɔ na ame ɖokui le ame kuku ta o, eye womano yɔƒeha le ame fofo kple ame dada ta o.

8 Megayi aglotuƒe, ne nabɔbɔ nɔ anyi aɖu nu, ano nu kpli wo o.

9 Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsi aseyetsotso ƒe ɖiɖi, dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ɖiɖi, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu le teƒe sia le mia ŋku me le mia ŋɔli.

10 Eye ne èto nya siawo katã na dukɔ sia, eye wogblɔ na wò be: Nukaŋuti Yehowa ɖo dzɔgbevɔ̃e gã siawo katã ɖe mia ŋu, vo ka míeda, eye nuvɔ̃ ka míewɔ ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu hã la,

11 ekema naɖo ŋu na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Elabena mia fofowo gblẽm ɖi, eye wodze mawu tutɔwo yome, wosubɔ wo, eye wode ta agu na wo, ke wogblẽ nye ya ɖi, eye womelé nye seawo me ɖe asi o.

12 Ke miawo miewɔ nu gbegblẽ wu mia fofowo, mia dome amesiame dze eƒe dzimesesẽ vɔ̃ɖi yome, eye miegbe toɖoɖom.

13 Eyata matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi ɖe anyigba, si mia kple mia fofowo mienya o la dzi, gama miasubɔ mawu tutɔwo le zã kple keli, elabena nyemele mia nu ve ge o.


Woagakplɔ Israel tso Babel.

14 Yehowa be: Eyata, kpo ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi womagagblɔ azɔ be, yewotà Yehowa, amesi kplɔ Israel-viwo tso Egipte-nyigba dzi la ƒe agbe o;

15 ke boŋ yewotà Yehowa, amesi kplɔ Israel-viwo tso anyiehe-nyigba kple anyigba, siwo katã dzi wònyã wo ɖo ɖo dzi la ƒe agbe. Magakplɔ wo agbo va woƒe anyigba, si metsɔ na wo fofowo la dzi.

16 Yehowa be: Kpɔ ɖa, mado ɖɔkplɔla geɖewo ɖa, ne woaɖe wo; emegbe madɔ adela geɖewo ɖa, ne woayɔ wo ɖe nu tso towo katã kple togbɛwo katã dzi kpakple agatowo me.

17 Elabena nye ŋku le woƒe mɔwo katã ŋu, womeɣla ɖem o, eye woƒe vodadawo mebe ɖe nye ŋkuwo o.

18 Gbagbiãgba la maxe woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ŋu fe na wo zigbɔ zi eve, elabena wotso woƒe nu makɔmakɔwo ƒe kukuwo gblẽ kɔ ɖo na nye anyigba, eye wotso woƒe ŋunyɔnuwo yɔ nye domenyinu la dzi fũ.

19 Yehowa, wòe nye míaƒe ŋusẽ, míaƒe mɔ̃ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe le hiãɣi! Dukɔwo atso anyigba ƒe mlɔeanuwo ava gbɔwò agble bena: Alakpa ɖeɖe sɔŋ mía fofowo tso nyi domee, toflokowo wonye, eye womele ɖeke me o.

20 Ɖe amegbetɔ awɔ mawuwo na eɖokui, siwo menye Mawu wonye oa?

21 Eyata mana wòadze si nye alɔ kple nye ŋusẽ, mana wòadze sii, eye woanyae be, ŋkɔnyee nye Yehowa.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan