Yeremia 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gbeƒãɖeɖe kuɖiɖi kple dɔwuame. 1 Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya le kuɖiɖi ta: 2 Yuda le nu xam, nu te eƒe agbowo ŋu, eye wole ahovɔ me bɔbɔ no anyigba; Yerusalem ƒe aƒadodo de dzi. 3 Bubumewo dɔa wo teviwo ɖona ɖe tsiduƒe, wovaa vudowo gbɔ, ke womekpɔa tsia ɖeke o, eye wotrɔna gbɔna ƒuƒlu kple woƒe zeawo; ŋukpe léa wo, eye woƒe mo tsia dã, eye wotsyɔa nu ta. 4 Ŋukpe léa agbledelawo, eye wotsyɔa nu ta, elabena agbleawo gblẽ, le esi tsi megadza ɖe anyigba dzi o la. 5 Zinɔ le gbe mè ke hã dzia vi gblẽna ɖi, elabena gbe mumua ɖeke megali o. 6 Gbetedziwo tsia tre ɖe to ƒeƒlewo ta me nɔa ya nom abe amegãxiwo ene; nu tea woƒe ŋkuwo ŋu, elabena gbea ɖeke megali o. 7 Yehowa, ne miaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mia ŋu la, ekema wo nu le wò ŋkɔ la ta; elabena miaƒe tosesẽwo do so gbɔ, ŋuwóe míewɔ nuvɔ̃ ɖo. 8 Wò Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, wò eƒe xɔnametɔ le hiãɣi, nukaŋuti nèbe, yeanɔ anyigba la dzi abe amedzro ene, eye abe mɔzɔla, si tu eƒe agbadɔ, be woatsi adɔ la ene? 9 Nukaŋuti nèbe, yeanɔ abe ŋutsu, si ƒo dzi ɖe le kple kalẽtɔ, si mate ŋu axɔ na ame o la ene? Yehowa, èle mía dome, eye woyɔa wò ŋkɔ de mía ŋu, màgagblẽ mí di o! 10 Ale Yehowa gblɔ na dukɔ sia enye si: Tsa glãla tsatsa nyo wo ŋu, eye womexe mɔ na woƒe afɔwo o, eyata woƒe nu menyo Yehowa ŋu o ɖo; azɔ aɖo ŋu woƒe vodadawo, eye wòahe to le woƒe nuvowo ta. 11 Eye Yehowa gblɔ nam bena; Megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ƒe nyui ta o. 12 Ne wotsi nu dɔ la, nyemase woƒe konyifafa o, eye ne wosa numevɔ kple nuɖuvɔ la, madze ŋunye o; boŋ matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wòe. 13 Tete megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpo ɖa, nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be: Miele yi alo dɔwuame kpɔ ge o, ke boŋ ŋutifafa mavɔ mana mi le afisia. 14 Eye Yehowa gblɔ nam bena: Alakpanya gblɔm nyagblɔɖilawo le ɖi le nye ŋkɔ me, nyemedɔ wo o, nyemede se na wo o, eye nyemeƒo nu kpli wo o; alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple woƒe dziwo ƒe amebeble gblɔm wole na mi. 15 Eyata ale Yehowa gblɔ ɖe nyagblɔɖila, siwo nyemedɔ o, hafi wole nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me be: Yi kple dɔwuame manɔ anyigba sia dzi o la ŋu enye si: Yi kple dɔwuame awu nyagblɔɖila mawo. 16 Eye dɔwuame kple yi atsɔ amesiwo wole nya gblɔm ɖi na la aƒu Yerusalem-kpɔdomeewo, eye womaɖi wo o, woawo kple wo srɔ̃wo, woƒe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa, eye matrɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ akɔ ɖe wo dzi. 17 Eye wò la gblɔ nya sia na wo bena: Nye ŋku le aɖatsi fam zã kple keli, eye madzudzɔ o, elabena wogbã nye dukɔ ƒe nyɔnuvi, ɖetugbi, wote eŋu, eye wòxɔ abi vevie! 18 Ne meyi gbe me la, amesiwo tsi yi nu li, eye ne meva du me la, kpɔ ɖa, amesiwo dɔ te wo ŋu li; elabena nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa yina ɖe anyigba, si womenya o la dzi. 19 Ɖe nègbe Yuda godooa, eye ɖe Zion ƒe nu ti kɔ na wò luʋɔa? Nukaŋuti nèƒo mí, ale be hayahaya megale mía ŋu o? Miele futɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyuia ɖeke meva o, miele mɔ kpɔm na hayahayaɣi, ke ŋɔdzi li! 20 Yehowa, míedze si miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple mía fofowo ƒe vodadawo be, miewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò. 21 Megagbe mí o, le wò ŋkɔ la ta, megaɖi gbɔ wò ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui la o; ɖo ŋui, eye megatu wò nu, si nèbla kpli mi la o. 22 Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana