Yeremia 13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Tohehe, si ava Yudatɔwo dzi. 1 Ble Yehowa gblɔ nam enye si: Yi naɖaƒle aklala lidziblanu, eye natsɔe abla ali dzii, ke megana woade tsi me o. 2 Tete meƒle alidziblanu la le Yehowa ƒe nya la nu hetsɔ bia ali dzii. 3 Tete Yehowa ƒe gbe va gbɔnye zi evelia bena: 4 Tsɔ alidziblanu, si nèƒle wòle ali na wò la, eye natso ayi Frat nu aɖaɣlae ɖe kpeto me le afima. 5 Tete meyi ɖaɣlae ɖe Frat nu, abe alesi Yehowa gblɔ nam ene. 6 Le ŋkeke geɖe megbe la Yehowa gblɔ nam be: Tso nayi Frat nu naɖatsɔ alidziblanu, si megblɔ na wò be, naɣla ɖe afima la. 7 Tete meyi Frat nu, eye meku alidziblanu la le teƒe, si meɣlae ɖo; kpo ɖa, alidziblanu la nyunyɔ, wɔnaa ɖeke megale eŋu o. 8 Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena: 9 Ale Yehowa gblɔ esi: Alea ke magblẽ Yuda ƒe dàda kple Yerusalem ƒe dàda gã lae. 10 Dukɔ vɔ̃ɖi sia, si gbe nye nyawo sese, wole zɔzɔm le woƒe dzimesesẽ nu, wodze mawu tutɔwo yome, eye wosubɔ wo hede ta agu na wo la, anɔ abe alidziblanu sia, si ŋu wɔnaa ɖeke megale o la ene. 11 Yehowa be: Alesi alidziblanu noa ali na ŋutsui la, nenema memiã Israel ƒe aƒe blibo la kple Yuda ƒe aƒe blibo la ɖe ɖokuinye ŋui, ne wòanye dukɔ, ŋkɔ, kafukafu kple atsyɔ̃ nam, ke womeɖo to o. 12 Eye nagblɔ nya sia na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Woaku wein ɖe goewo katã me banaa. Ke ne woɖo ŋu na wò be: Ɖe míenyae be, wokua wein ɖe goe sia goe me banaa o hã la, 13 ekema nagblɔ na wo bena, ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ ahamumu ayɔ anyigba sia dzinɔlawo katã kple fia, siwo le Dawid ƒe zi dzi, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple Yerusalemtɔwo katã fũ. 14 Yehowa be: Maxlã wo ɖe wo nɔewo, fofowo kple viwo siaa; nyemave wo nu o, nyemakpɔ wo ta o, eye nyemakpɔ nublanui agbe wo tsɔtsrɔ̃ o. Woakplɔ dukɔ la adzoe. 15 Misee, eye miƒu to anyi; miganɔ dadam o, elabena Yehowa le nu ƒom. 16 Miɖe bubu Yehowa, mia Mawu la ŋu, hafi ne blukɔ nava do, hafi miaƒe afɔ nava kli blukɔ ƒe towo, eye mianɔ mo kpɔm na kekeli, gake wòana woazu tsizi, eye wòana viviti nado. 17 Ke ne miegbe toɖoɖo la, ekema nye luʋɔ afa avi le adza me le dàda la ŋuti, eye nye ŋkuwo afa aɖatsi yoyoyo, le esi wokplɔ Yehowa ƒe lãhawo dzoe ta. 18 Gblɔ na fia kple fia srɔ̃ bena: Mibɔbɔ nɔ anyi me, elabena miaƒe atsyɔ̃fiakuku ge le mia ta! 19 Wotu dziehe-duwo ƒe agbowo, eye amea ɖeke meʋu wo o; woɖe aboyo Yuda katã, woɖe aboyo wo petepete. 20 Fɔ kɔ dzi nakpɔ amesiwo tso anyiehe gbɔna la ɖa! Afika wò lãha, siwo wotsɔ na wò, wò alẽha nyoawo le? 21 Aleke nagblɔ, nenye be etsɔ xɔ̃wò, siwo ƒe nu ma wò la, ɖo tatɔwo ɖe nuwo? Ɖe màlé ku abe nyɔnu, si le vi dzim la ene oa? 22 Ne ègblɔ le wò dzi me be: Nukata nusia dzɔ ɖe ye dzi hã la, le wò vodada gbogboawo tae woklo taɖedzi le ŋuwò, eye woɖe ƒuƒlu wò afɔkpodzi ɖo. 23 Ne ame yibɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ, eye lãkle atrɔ eƒe agbalẽ ŋɔtaŋɔta la, ekema mi, amesiwo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mã la hã, miate ŋu awɔ nu nyui. 24 Eyata makaka wo ahlẽ abe gbe ƒuƒu le tagbaya nu ene. 25 Yehowa be: Esia nye wò dzidzenu kple tɔwò gome, si nudzidze na wò, elabena èŋlɔm be, eye neɖo dzi ɖe alakpadada ŋu. 26 Eyata nye hã meklo taɖedzi le ŋgɔgbe na wò, ne woakpɔ wò ŋukpe ƒe. 27 Mekpe wò ahasiwɔwɔ, wò gbetete, wò amatrewɔwɔ vivivo kple wò ŋunyɔnuwɔwɔwo le togbɛwo dzi le gbegbe. Yerusalem, baba na wò! Ɣekaɣi gɔ̃ hafi ŋuwò nakɔ? |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana