Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yeremia 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Anyigba la dzi wɔ nublanui le edzi nɔlawo ƒe nuvɔ̃

1 Yehowa, ne meɖe, mahe nya kpli wò la, towo dzɔna, gake maɖi ʋɔnu kpli wò. Nukata ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo, eye eme nyona na ame tovowo katã ɖo?

2 Ede woƒe agunu to, eye wòto ke, wotsi, eye wotsea ku hã. Etsɔ de woƒe nu gbɔ, ke èle adzɔgedzɔgee na woƒe dzi.

3 Ke wò, Yehowa, edze sim, èkpɔm, eye nedo nye dzi kpɔ le ɖokuiwò gbɔ. He wo ɖawu abe alẽwo ene, eye naɖo wo ɖi hena wuwugbe.

4 Ɣekaɣi anyigba naxa nu ase ɖo, eye gbe naƒu le anyigba blibo la dzi le edzi nɔlawo ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta, lãwo kple xewo natsrɔ̃, le esi wole gbɔgblɔm be, makpɔ míaƒe nuwuwu o la ta?

5 Mia kple afɔzɔlawo miaƒu du, eye ɖeɖi te ŋuwò, aleke nahayi duɖime ke ge kple sɔwo? Eli bɔkɔɔ le gbɔɖeme nyigba dzi, aleke nahawɔ le Yordan ƒe aƒlatsuwo me?

6 Elabena nɔviwòwo kple tofowò ƒemetɔwo hã trɔ le yowòme, woawo hã le ɣli dom ɖe yowòme sesĩe, megaɖo dzi ɖewo ŋu o, nenye be, wole nya ŋɔŋɔe gblɔm na wò hã.

7 Megblẽ nye aƒe ɖi, megbe nye domenyinu, eye metsɔ nusi gbɔ nye luʋɔ melɔ̃a nu le o la, de asi na eƒe futɔwo.

8 Nye domenyinu zu nam abe dzata le ave me ene, ele gbe tem ɖe ŋunye, eyata melé fui.

9 Ɖe menye xe ƒonu ŋɔŋɔe enye nye domenyinu nam oa? Ɖe xe ƒonuwo meƒo xlãe godoo oa? Miɖaƒo gbemelãwo katã nu ƒu, ne woava ɖu nu!

10 Lãkplɔvi geɖewo gblẽ nye weingble, wonyã avuzi le nye agble me, eye wowɔ nye dzidzɔkpɔgble wòzu gbegbe ɖeɖe sɔŋ.

11 Wona wòzu gbegbe, gbegbe le nu xam le ŋunye godoo; anyigba blibo la gblẽ, elabena mede dzigbɔ na amea ɖeke o.

12 Nugblẽlawo va to ƒeƒlewo katã ta me te gbe dzi; elabena Yehowa ƒe yi le nu ɖum tso anyigba ƒe mlɔenu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenu; ŋutifafaa ɖeke meli na ŋutilãwo katã o.

13 Woƒã lu, ke ŋu woaxa, woku kutri, ke viɖe manɔ eme na wo o; ale ŋu akpe mi ɖe miaƒe agblemenuwo ŋu le Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli la ta.


Nyagblɔɖi le dukɔ bubuwo ŋuti.

14 Ale Yehowa gblɔ ɖe nye aƒelika vɔ̃ɖiawo katã, siwo de asi nusi metsɔ na nye dukɔ Israel, be wòanye etɔ la ŋu la ŋuti enye si: Kpɔ ɖa, maho wo ɖa tso woƒe anyigba dzi, eye maho Yuda ƒe aƒe la ɖa le wo dome.

15 Ke ne meho wo ɖa megbe la, magakpɔ nublanui na wo, eye mana amesiame nagbugbɔ ayi eƒe domenyinu gbɔ, eye amesiame nayi eƒe anyigba dzi.

16 Eye ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo, be woaka atam le nye ŋkɔ me, abe alesi wòfiã nye dukɔ be, woata Baal ene be: „Meta Yehowa ƒe agbe“ la, ekema woaɖo wo gɔme anyi ɖe nye dukɔ la dome.

17 Ke ne womeɖo to o la, ekema maho dukɔ sia ɖa, eye matsrɔ̃e gbidigbidi, Yehowa ye gblɔe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan