Yeremia 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu gbagbe la agblẽ legba kple esubɔlawo; ke ahe to na eƒe dukɔ la ya ŋutɔ. 1 Mi Israel ƒe aƒe, mise nya, si Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu! 2 Ale Yehowa gblɔ esi: Dukɔwo ƒe mɔ megamã mi o, eye dziƒo ŋu dzesiwo megadzi ŋɔ na mi o, nenye be, wonɔa ŋɔ dzim na dukɔwo hã. 3 Elabena dukɔwo ƒe ɖoɖowo la, nu dzodzroe. Ati wònye wotso le ave me, eye aɖaŋua tsɔ fiavi wɔ eŋu dɔe. 4 Wotso klosalo kple sika ɖo atsyɔ̃ ne, eye wotso zu ƒo gatagbadzɛ ɖee, be magamũ o. 5 Woɖi xenyãnu le adzamatregble me, eye womate ŋu aƒo nu o; ele be, woatso wo, elabena womezɔa azɔli o. Migavɔ̃ wo o, elabena womewɔa vɔ̃a ɖeke o, eye nyuiwɔwɔ hã mele wo ŋu o. 6 Yehowa, amea ɖeke mede nuwo o, èlolo, eye wò ŋusẽ na wò ŋkɔ lolo. 7 Dukɔwo ƒe fia, amekae mavɔ̃ wò o ma? Elabena wòe wòdze; elabena amea ɖeke mele dukɔwo ƒe nunyalawo katã kple woƒe fiaɖuƒewo katã dome, si le abe wò ene o. 8 Wo katã wodzɔ lã, eye wòzu bometsilawo; wohe to na legbawo, ati wonye. 9 Wotsɔ klosalo, si woƒo gbabɛ la, tso Tarsis vɛ, kple sika tso Ofir; aɖaŋua ƒe dɔwɔwɔ wònye kple sikanutula ƒe asinudɔwɔwɔ, woƒe avɔtata nye aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ; aɖaŋua ƒe dɔwɔwɔ wo katã wonye! 10 Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o. 11 Ale miagblɔ na wo enye si: Mawu, siwo mewo dziƒoa kple anyigba o la, wo nu ayi tso anyigba dzi kple dziƒo te. 12 Eyae nye amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, etsɔ eƒe nunya ɖo xexeame te, eye wotsɔ eƒe sidzedze keke dziƒo me. 13 Eƒe gbeɖeɖe nana tsiwo ɖina hoo le dziƒo, eye wònana alũ hona yia dzi le anyigba ƒe mlɔenu: ewɔa dzikedzo kpena ɖe tsidzadza ŋu, eye wòɖea ya donae tsoa eƒe nudzraɖoƒe. 14 Amegbetɔwo katã dzɔa lã le woƒe nunyanya me, eye ŋukpe léa legbakɔlawo katã, elabena alakpa enye nusi wokɔna, eye gbɔgbɔa ɖeke menɔa eme o. 15 Nu dzodzroawo wonye, dɔwɔwɔ, si ŋu woaɖe alɔme le la, wonye, woatsrɔ̃ le woƒe tohegbe. 16 Ke Yakob ƒe gome mele abe woamawo ene o, elabena eya nye nuwo katã wɔla, eye Israel enye eya ŋutɔ ƒe ƒome; Yehowa Zebaot enye eƒe ŋkɔ. 17 Wò amesi woɖe to ɖo, kɔ wò agba dzoe le anyigba dzi. 18 Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ anyigba dzinɔlawo aƒu gbe, eye mana woaɖe to ɖe wo, be asi natu wo. 19 Baba nam le nye gbegblẽ la ta, nye abi le veyem! Ke mebe; Fukpekpe la tɔnyee, mado dzi atsɔe. 20 Wogblẽ nye agbadɔ, eye wotso nye atagbiwo katã. Vinyewo dzo le gbɔnye, eye womegali o. Amea ɖeke meli, si agatu nye agbadɔ nam, eye woatsi nye agbadɔvɔwo o. 21 Lãkplɔviwo katã dzɔ lã, eye womedi Yehowa yome mɔ o; eyata medze edzi na wo o, eye woƒe lãhawo katã ka hlẽ. 22 Fu to anyi, nane le ɖiɖim gbɔna, eye howɔwɔ gã tso anyiehe-nyigba dzi, ne wòado gbegbe Yuda-duwo, ne woazu amegãxiwo nɔƒe! 23 Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mo kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋuta si me wòle, ne eƒe azɔlime nato ma ɖeka o. 24 Yehowa, he to nam, ke megagbɔ me o, eye menye le wò dɔmedzoe me, be natsrɔ̃m ɖa o.“ 25 Trɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe dukɔ, siwo medze si wò o, kple ƒome, siwo meyɔ wò ŋkɔ o la dzi, elabena woɖu Yakob, ẽ, woɖui petepete, eye wogblẽ eƒe nɔƒewo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana