Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Yakobo 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuvɔ̃wɔwɔ kple aɖe.

1 Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti.

2 Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.

3 Azɔ ne míedea numega sɔwo ƒe nu me, bene woaɖo to mi la, ekema míetrɔa lã blibo la katã hã.

4 Kpɔ ʋuwo hã ɖa! Wònye wololo, eye ya sesẽ hea wo hafi; gake wotrɔ wo kple kuɖɔ sue ŋutɔ heyia afisiafi, si kuɖɔɖola lɔ̃na.

5 Nenema ke aɖe hã nye ŋutinu suea ɖe ko, eye wokana ɖe nu gãwo ŋu. Kpɔ alesi dzo via ɖe tɔa dzo ave gã la ɖa!

6 Eye aɖe la, dzo wònye; madzɔmadzɔnyenye ƒe xexemee nye aɖe le mía ŋutinuwo dome, eyae ƒoa ɖi ŋutilã blibo la katã, eye wòtɔa dzo agbenɔnɔ ƒe tododo blibo la katã, eye dzomavɔʋe tɔ dzo aɖe la ŋutɔ hã.

7 Elabena womla lã wɔadãwo kple xeviwo kple nutatawo kpakple ƒumelãwo ƒe dzɔdzɔme, eye amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme mia wo,

8 ke aɖe la amea ɖeke mate ŋu amlãe o, nuvɔ̃ madzudzɔmadzudzɔ, si aɖi wuame yɔ fũ la wònye.

9 Eya ke míetsɔna ƒoa fi dea ame, siwo wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme me.

10 Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o.

11 Ɖe vudo dzia tsi vivi kple tsi veve hetsoa do ɖeka ma ke me mahã?

12 Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amititsetsewo, alo weinka ate ŋu atse gbotitsetsewo mahã? Nenema ke dzevudo mate ŋu adzi tsi nyui hã o.


Nunya, si tso dziƒo.

13 Amekae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome mahã? Eya netsɔ agbenɔnɔ nyui fia eƒe dɔwɔwɔwo le nunya ƒe dɔmefafa me.

14 Ke ne ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe le mia dzi me la, migaƒo adegbe, eye migaka aʋatso ɖe nyateƒe la ŋuti o.

15 Nunya sia la menye dziƒo wòtso va o; ke anyigbadzitɔe, dzɔdzɔmetɔe, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔe.

16 Elabena afisi ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afima nu manyomanyo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ sɔŋ nɔna.

17 Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔna wogbea nya ne, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o

18 Ke woƒãa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse le ŋutifafa me na amesiwo wɔa ŋutifafa.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan