Tito 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Le toɖoɖo dziɖuɖu kple tufafa na amesiame ŋuti. Gbugbɔgadzi ƒe tsilele. 1 Ɖo ŋu nusiawo na wo bena, woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖulowo kple ŋusẽwo, eye woaɖo to wo, eye woasu te hena do nyui sia do nyui wɔwɔ: 2 Woagagblɔ busunya ɖe amea ɖeke ŋuti o, wòaganye dzrehelawo o; woanye ame fetuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã. 3 Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo. 4 Ke esime Mawu, mía xɔla ƒe dɔmenyonyo kple amelɔlɔ̃ do la, 5 exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me, 6 si wòkɔ ɖe mía dzi fũ ŋutɔ to Yesu Kristo, mía xɔla la dzi, 7 bena mí amesiwo wotso afia na to eƒe amenuveve me la, míazu agbe mavɔ ƒe domenyilawo le nukpɔkpɔ la nu. Nufiafia dɔdɔ kple ɖuɖɔ vovovowo. 8 Nyateƒenya wònye, eye mele ɖiɖim be, wò la naka ɖe nusiawo dzi, bena amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔwo dzi. Nusiawo nyo, eye wonye viɖenu na amewo. 9 Ke si le bometsitsi ƒe anukutsyɔtsyɔwo kple dzidzimenyawo kple dzrehehewo kpakple avuwɔwɔwo le sea ŋuti la nu; elabena womenyo na naneke o, eye wonye yakanuwo. 10 Ne èxlɔ̃ nu kɔmamãwɔlaa ɖe zi ɖeka alo zi eve la, nagbee; 11 elabena anyae be, amesia tɔgbe gblẽ keŋ, eye wòwɔa nuvɔ̃ hebua fɔ eɖokui. 12 Ne medɔ Artema alo Tixiko de gbɔwò la, do vevie be, nava gbɔnye le Nikopoli; elabena meɖoe bena, manɔ afima le vuvɔŋɔli. 13 Do mɔ sefiala Zena kple Apolo nyuie, bena naneke nagahiã wo o. 14 Ke na mia tɔwo hã nasrɔ̃ dɔ nyui wɔwɔwo dzinɔnɔ hena nu vevi, siwo hiã ame la, bene woagatsi ku matsematse o. 15 Amesiwo katã le gbɔnye la, ɖuɖɔ wò ƒã. Ɖuɖɔ amesiwo katã lɔ̃a mí le xɔse me la nam ƒã. Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana