Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Tito 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuxɔxlɔ̃ le nɔnɔme vovovowo ŋuti.

1 Ke wò la gblɔ nusiwo dze nufiafia, si le blibo,

2 bena ame tsitsiwo nanye ɖokuidziɖulawo, ɖokuiléla nyuiwo, ame ɖɔŋuɖowo, eye woanɔ blibo le xɔse, lɔlɔ̃ kple dzidodo me.

3 Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Wòaganye ameŋuzɔlawo o, wòaganye aha geɖe nola wo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo,

4 bene woaxlɔ̃ nu ɖetugbiwo, ne woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo,

5 woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.

6 Nenema ke xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo hã be, woaɖu wo ɖokui dzi nyuie.

7 Le nuwo katã me la tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋu le do nyui wɔwɔwo me, megabaɖa nufiafia la o, lé ɖokuiwò nyuie,

8 wò nyagbɔgblɔ nana blibo, si womate ŋu abu fɔ o, bena ŋu nakpe amesi tsi tre ɖe eŋuti, le esi nyaa ɖeke mele esi be, wòagblɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti o la ta.

9 Xlã nu dolawo bena, woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔwo ƒe aƒetɔwo, be wòadze wo ŋu le nusianu me: Wòaganye ɖeklemiɖelawo o,

10 womagafi naneke aɣla o; ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui katã afia, bene woaɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.


Mawu ƒe amenuveve, si xɔa ame, eye wòhea ame.

11 Elabena Mawu ƒe amenuveve la ɖe eɖokui fia hetso xoxo vɛ na amewo katã,

12 eye wòɖea mí, bena míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míano anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me le xexe sia me,

13 eye mianɔ yayramɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la lalam,

14 amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!

15 Gblɔ nusiawo, eye naxlɔ̃ nu, eye naka mo kple ŋusẽ katã! Megana amea ɖeke nado vlo wò o!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan