Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Rut ƒe agbalẽ 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Boas ɖe Rut wòzu srɔ̃ nɛ. Dawid ƒe dzidzimegbalẽ.

1 Eye Boas yi agbo nu hebɔbɔ nɔ afima. Eye kpɔ ɖa, srɔ̃ɖia, si ŋu Boas ƒo nu, le la, va yina, eye wògblɔ bena: Xɔ̃, va bɔbɔ nɔ afi! Eye wòyi ɖabɔbɔ nɔ anyi.

2 Eye wòɖe dumegã ewo hegblɔ bena: Mibɔbɔ nɔ afi! Tete wobɔbɔ nɔ anyi.

3 Eye wògblɔ na srɔ̃ɖia la bena: Naomi, amesi gbɔ tso Moab-nyigba dzi la, le mía nɔvi Elimelex ƒe agble dzram.

4 Eyata meɖo be, maka eta na wò bena: Xɔe ƒle le nyaselawo kple nye dukɔ la ƒe ame tsitsiwo ŋku me! Ne èbe, yeaxɔe la, xɔe; ke ne èbe, yemaxɔe o la, gblɔe nam, ne mase! Elabena srɔ̃ɖia bubua ɖeke megali kpe ɖe ŋuwò o, negbe nye koe gale yowòme. Eɖo ŋu bena: Maxɔe!

5 Eye Boas gblɔ bena: Gbesigbe naxɔ agblea aƒle le Naomi si la, gbemagbe naxɔ Moab-nyɔnu Rut, si nye ame kuku la srɔ̃ hã, ne ame kuku la ŋkɔ natsi eƒe domenyinu ŋu!

6 Tete srɔ̃ɖia la gblɔ bena: Nyemate ŋu axɔe na ɖokuinye o, ne nye domenyinu nagagblẽ o; ke boŋ wòa xɔ nusi maxɔ hafi la, na ɖokuiwò, elabena nyemate ŋu axɔe o!

7 Tsã la, ne wole nane xɔ ge le Israel, alo wole li ɖɔ gee, eye wobe, woaɖo kpe edzi la, ekema ame ɖeka ɖea afɔkpa tsɔna na nɔvia; esia nye ɖase le Israel.

8 Eyata esi srɔ̃ɖia la gblɔ na Boas bena: xɔe ƒle la, eɖe eƒe afɔkpa.

9 Tete Boas gblɔ na ame tsitsiawo kple duametɔwo katã bena: Miawoe nye ɖasefo egbea be, mexɔ Elimelex ƒe nuwo katã kpakple Xilion kple Maxlon ƒe nuwo katã ƒle le Naomi si.

10 Eye mexɔ Moab-nyɔnu Rut, Maxlon srɔ̃, hã wòzu srɔ̃nye, be ame kuku la ƒe ŋkɔ natsi eƒe domenyinu ŋu, ne ame kuku la ŋkɔ magatsrɔ̃ le noviawo kple wo dedu me o! Miawoe nye ɖasefowo egbe!

11 Tete duametɔ, siwo katã le agboa nu kple ame tsitsiawo gblɔ bena: Míawoe nye ɖasefo! Yehowa nawɔ na nyɔnu, si le aƒewò me va ge la, abe Raxel kple Lea, nyɔnu, siwo kple eve ɖo Israel ƒe aƒe la tè dzi la ene! Wò alɔ nede dzi le Efrata, eye wò ŋkɔ nenyɔ le Betlexem!

12 Eye vi, si Yehowa ana ɖetugbi sia nadzi na wò la, nana wò aƒe nanɔ abe Perez, amesi Tamar ɖzi na Yuda la ƒe aƒe ene!

13 Ale Boas ɖe Rut wòzu srɔ̃a, eye esi wòdɔ egbɔ la, Yehowa na wòfɔ fu dzi ŋutsuvi.

14 Tete nyɔnuwo gblɔ na Naomi bena: Woakafu Yehowa, si mete xɔnametɔ wò o, eye woanyɔ eƒe ŋkɔ le Israel!

15 Afa akɔ na wò, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me; elabena lɔ̃xowò, si wò, eye wòde ŋutsuvi adre nu na wò gbɔ edzi lae, dzii na wò!

16 Eye Naomi xɔ ɖevi la ɖe akɔ, eye wòzu enyila.

17 Eye aƒelikawo tsɔ ŋkɔ nɛ hegblɔ bena: Wodzi ŋutsuvi na Naomi! eye wona ŋkɔe be Obed; eyae dzi Dawid fofo Isai.

18 Perez ƒe dzidzimeviwo enye si: Perez dzi Xezron,

19 Xezron dzi Ram, eye Ram dzi Aminadab,

20 Aminadab dzi Naxeson, eye Naxeson dzi Salma,

21 Salma dzi Boas, eye Boas dzi Obed,

22 Obed dzi Isai, eye Isai dzi Dawid.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan