Rut ƒe agbalẽ 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Rut ɖo to Naomi ƒe aɖaŋuɖoɖo. 1 Tete lɔ̃xoa Naomi gblɔ nɛ bena: Vinye, nyemadi dzudzɔƒe na wò, be wòanyo na wò oa? 2 Boas, amesi ƒe dɔlanyɔnuwo gbɔ nènɔ la, enye míaƒe ƒometɔ. Kpɔ ɖa, ele lu gbɔ ge egbe Zã le lugbɔƒe. 3 Eyata le tsi nasi ami, eye naɖe avɔ ata ahayi lugbɔƒe la; ke megana ŋutsu la nadze si wò o, vaseɖe esime wòaɖu nu, eye wòano nu vɔ hafi! 4 Eye ne eyi ɖamlɔ anyi la, ekema lé ŋku ɖe afisi wòmlɔ la ŋu; emegbe nayí aklo avɔ le afɔgbɔ nɛ ahamlɔ anyi, ekema afia nusi nawɔ la wò. 5 Tete wòɖo ŋu nɛ bena: Nusiwo katã nègblɔ la, mawɔe! 6 Eye wòyi lugbɔƒe la hewɔ, abe alesi lɔ̃xoa gblɔ nɛ pɛpɛpɛ ene. 7 Esi Boas ɖu nu no nu, eye eƒe dzi gbɔ ɖe eme la, eyi be, wòamlɔ anyi ɖe lu, siwo woƒo ƒu la, ƒe mlɔenu. Ke eva dzaa, eye wòklo avɔ le afɔgbɔ nɛ hemlɔ anyi. 8 Le zãtiƒe la ŋutsu la ɖi vo, eye wòbi kɔ, eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe mlɔ eƒe afɔde. 9 Tete wògblɔ bena: Wò amekae? Eɖo ŋu bena: Nye Rut, wò dolanyɔnue; keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye! 10 Eye wògblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye! Eɖe wò lɔlɔ̃ fia fifia wu tsã; elabena mèdze ɖekakpuiwo, ame dahe alo hotɔwo yome o. 11 Eyata, vinye, megavɔ̃ o! Mawɔ nusiwo katã nègblɔ la na wò; elabena nye dukɔ ƒe du blibo la nyae bena, nyɔnu zãzɛ nènye. 12 Nyateƒe, nyee nye srɔ̃ɖia hafi; ke srɔ̃ɖia bubu li, esi tsɔ ɖe gbɔwò wum. 13 Tsi afisia dɔ, eye ne ŋu ke wòbe, yeaxɔ wò la, enyo nexɔ wò; ke ne egbe be, yemaxo wò o la, ekema meta Yehowa ƒe agbe be, maxɔ wò. Mlɔ anyi vaseɖe ŋu nake! 14 Tete wòmlɔ eƒe afɔde vaseɖe ŋu ke, eye wòfɔ, hafi asiƒome nava kɔ; elabena egblɔ be, amea ɖeke megadze sii be, nyɔnu va lugbɔƒe o! 15 Eye wògblɔ bena: Ɖo taɖedzi, si le ŋuwò! Tete wòɖoe, eye wòku lu dzidzenu ade ɖe eme, eye wòlée nɛ, wòtsɔ yi dua me. 16 Eye esi wògbɔ va lɔ̃xoa gbɔ la, ebiae bena: Aleke nèɖee, vinye? Tete wòto nusiwo katã ŋutsua wɔ nɛ la nɛ 17 hegblɔ bena: Lu dzidzenu ade sia wòtsɔ nam, elabena egblɔ be, megagbugbɔ yi lɔ̃xowò gbɔ asi gbɔlo o! 18 Eye wògblɔ bena: Gbɔ dzi ɖi ko, vinye, vaseɖe esime nanya, alesi nya la ava nɔ! Elabena ŋutsu la maɖe dzi ɖi o, vaseɖe esime wòano ta na nya la egbea hafi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana