Rut ƒe agbalẽ 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Rut fɔ bli le Boas ƒe agble me, eye Boas ve enu. 1 Eye Naomi srɔ̃ ƒe ƒometɔa ɖe tso Elimelex ƒe ƒome la me, amesi ŋkɔ nye Boas, eye alɔme le esi ŋutɔ 2 Eye Rut, Moab-nyɔnu la, gblɔ na Naomi bena: Mayi agble me aɖafɔ lu dzɔdzɔewo le amesi ave nunye la yome. Eye wògblɔ ne bena: Heyi, vinye! 3 Tete wòyi ɖafɔe le agble me le nuxalawo yome; eye nanetɔe agble la nye Boas, si tso Elimelex-ƒomea me la tɔ. 4 Eye kpɔ ɖa, Boas tso Betlexem va, eye wògblɔ na nuŋelawo bena: Yehowa anɔ anyi kpli mi! Woɖo ŋu ne bena: Yehowa ayra wò! 5 Tete Boas bia eƒe dɔla, si le nuxalawo dzi kpɔm bena: Ameka ƒe nyɔnuvie nye ekem? 6 Dɔla, si nye nuxalawo dzikpɔla, ɖo ŋu bena: Moab-nyɔnu, si kple Naomi wotso Moab-nyigba dzi vae. 7 Egblɔ nam bena: Na mafɔ nusiwo dzɔ ɖe nubablawo domee le nuxalawo yome la, aƒo ƒu na ɖokuinye. Ŋdi ke wòva hetsi anyi vaseɖe fifia, eye azɔ ko wòle gbɔgblɔm ɖe eme vie. 8 Tete Boas gblɔ na Rut bena: Vinye, see! Megayi ɖafɔe le agble bubua ɖeke me o, eye megadzo le afisia hã o; ke boŋ lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu! 9 Afisiafi, si wole nu xam le agblea me le nèkpɔ la, ɖze wo yome, elabena mede se na dɔlawo bena, womegaɖe fu na wò o; eye ne tsikɔ le wuwòm la, yi ɖe zeawo gbɔ nano tsi, si dɔlawo du ɖi! 10 Tete wòɖe ta agu hegblɔ nɛ bena: Aleke nève nunye, eye nèbu nye amesi nye amedzro la ale gbegbe? 11 Boas ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Wogblɔ nusiwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò, le srɔ̃wò ƒe ku megbe kple alesi nègblẽ fofowò kple dawò kpakple mia de ɖi heʋu va ɖukɔi, si mènya tsã o gbɔ la nam 12 Yehowa naɖo wò nuwɔwɔ teƒe na wò, eye fetu dedie le Yehowa, Israel ƒe Mawu, si ƒe aʋala te nèva sisi ge tso la, gbɔ na wò! 13 Tete wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, ne ènya ve nunye ko, elabena èfa akɔ nam, eye nèƒo nu kple wò, dɔlanyɔnu xɔlɔ̃tɔe, evɔ wònye nyemeɖe wò dɔlanyɔnuwo dometɔa ɖeke nu o hafi! 14 Eye Boas gblɔ nɛ bena: Nuɖuɣi ɖo, eyata te va natsɔ abolo asisi ataditsi aɖu! Tete wòbɔbo nɔ nuxalawo kasa, eye wòtsɔ bliti memee nɛ, eye, wòɖui ɖi ƒo ɖe kpɔtɔ. 15 Emegbe wòtsi tre gayi efɔ ge. Tete Boas de se na eƒe dɔlawo bena: Mina wòafɔe le bablawo hã domee, eye migaka mo nɛ o; 16 milũ ɖewo le bablawo ŋu da ɖe anyi nɛ, be wòafɔ, eye migahe nya ɖe eŋu o! 17 Ale wòfɔe le agble la me vaseɖe ɣetrɔ, eye wòƒo nusiwo wòfɔ la, anɔ lu efa ɖeka. 18 Eye wòtsɔe va du la me, eye lɔ̃xoa kpɔ nusi wòfɔ. Tete wòɖe nusi wòɖu ɖi ƒo kpɔtɔ la, ɖe go hetsɔ nɛ. 19 Eye lɔ̃xoa biae bena: Afika nèyi ɖafɔe le egbea? Eye afika nèwɔ do le? Woayra amesi bu wò ale! Tete wòto amesi gbɔ wòwɔ dɔ le la, na lɔ̃xoa gblɔ bena: Ŋutsu, si gbɔ mewɔ dɔ le la, ŋkɔ nye Boas. 20 Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa bena: Yehowa, si mete eƒe amenuveve agbagbeawo kple kukuawo o la, ayrae! Eye Naomi gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la míaƒe ƒometɔe, eye mía srɔ̃ɖia wònye. 21 Rut, Moab-nyɔnu la, ɖo ŋu bena: Egblɔ nam hã bena, malé ɖokuinye ɖe yeƒe dɔlawo ŋu, vaseɖe esime yeƒe nuŋeŋe blibo la nawu enu. 22 Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa Rut bena: Enyo, vinye, be nèle dedem kple eƒe dɔlanyɔnuwo, ne amea ɖeke magawɔ naneke wò le agble bubu me o! 23 Ale wòlé eɖokui ɖe Boas ƒe dɔlanyɔnuwo ŋu hele efɔfɔ dzi, vaseɖe esime lu kple ƒo ŋeŋe la wu enu, eye wònɔ lɔ̃xoa gbɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana