Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Romatɔwo 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Israel tiatia tsã kple trɔ̃subɔlawo xɔxɔ fifi enye Mawu fe amenuvevedɔ.

1 Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele aʋatso kam o, esi nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ kɔkɔe me

2 bena, mele nu xam geɖe, eye nye dzi le veve sem ɖaasi.

3 Elabena medi bena, nye ŋutɔ mazu busu tso Kristo gbɔ ɖe nɔvinyewo, ƒonyemeawo le ŋutilã nu la ta;

4 amesiwo nye Israeltɔwo, amesiwo to nye vinyenye la kple ŋutikɔkɔe la kple nubablawo kple senana la kple mawusubɔsubɔ la kpakple ŋugbedodoawo;

5 amesiwo to nye fofoawo, amesiwo me Kristo hã dzo tso le ŋutilã nu, amesi nye Mawu, si ƒo wo katã ta la, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.

6 Ke mele nenem bena, Mawu ƒe nya zu dzodzro o. Elabena menye amesiwo katã tso Israel me la, wonye Israeltɔwo o;

7 eye hã la menye Abraham ƒomewo katãe nye viwo o, hafi „le Isak me woayɔ ƒome ana wò“ boŋ:

8 esia nye be: Menye ŋutilã ƒe viwoe nye Mawu ƒe viwo o, ke ŋugbedodo ƒe viwo boŋ woabu be ƒome.

9 Elabena ŋugbedodonya enye sia bena: „Magbugbɔ ava gbɔwò le wɔleawoɣi, eye viŋutsuvi lanɔ Sara si.“

10 Ke menye esia ɖeɖeko o, ke Rebeka boŋ hã, esime wòfɔ fu tso Isak, mía fofo ɖeka gbɔ la —

11 elabena esime mekpɔ dzi vi haɖe o, eye womewɔ nyuia ɖeke alo vɔ̃a ɖeke hã o la, bene Mawu ƒe tameɖoɖoɖi nanɔ anyi le tiatia la nu, menye tso dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ tso amesi yɔna la gbɔ —

12 wogblɔ nɛ bene: „Xoxoetɔ la asubɔ ɖevitɔ la;“

13 abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Yakob la melɔ̃, ke Esau la melé fu.“

14 Azɔ nuka gblɔ ge míala? Alo Mawu to medzo oa? Gbeɖe!

15 Elabena egblɔ na Mose bena: „Makpɔ nublanui na amesi ke makpɔ nublanui na, eye nye dɔme atrɔ ɖe amesi ke ŋuti nye dome atro ɖo la ŋuti.“

16 Eyaŋuti azɔ metso amesi le lɔlɔ̃m alo amesi le du sim la gbɔ o, ke etso Mawu, si kpɔa nublanui la gbɔ boŋ.

17 Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ na Farao bena: „Esia ke ŋuti mefɔ wò ɖe tsitre, bene maɖe nye ŋusẽ ɖe go afia le ŋuwò, eye bene woaɖe gbe ƒã nye ŋkɔ ŋutinya le anyigba blibo la katã dzi.“

18 Eyata azɔ la ekpɔa nublanui na amesi ke wòlɔ̃na be, yeakpɔ nublanui na, eye wòsẽa dzime na amesi ke wòlɔ̃na be, yeasẽ dzime na.

19 Azɔ la nèle gbɔgblɔ ge nam bena: Nukaŋuti wògahea nya? Elabena ameka ate ŋu atsi tre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti mahã?

20 Blewu, oo ame! Ameka nènye, wò amesi le nya hem kple Mawu la mahã? Ɖe numeme la lagblɔ na mela bena: Nukaŋuti nèmem ale mahã?

21 Alo zemela mekpɔa ŋusẽ ɖe tsu dzi bena, wòatsɔ anyi, si wonyã la ƒe ɖe amè ze, si ŋu bubu le la, eye wòagatsɔ eƒe ɖe hã amè ze, si ŋu bubu mele o lae mahã?

22 Ke ne Mawu, esime wòle didim be, yeaɖe eƒe dziku ɖe go afia, eye yeana wòanya eƒe ŋusẽ la, tsɔ dzigbɔgbɔ blewu geɖe lé dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ la, ɖe asi,

23 bene yeana wòanya eƒe ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ hã ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena ŋutikɔkɔe la ŋu, ekema aleke wòle?

24 Nenema ke wòyɔ miawo hã, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe o, ke tso trɔ̃subɔlawo dome hã,

25 abe alesi wogblɔ le Hosea me hã ene bena: „Mayɔ ‚Manyenyedukoe‘ be Nye dukɔe la, kple Amemalɔ̃e be Amelɔlɔ̃e;

26 eye wòava me bena, afisi ke wogblɔ na wo bena: Menye ye dukɔ míenye o la, gama ke woayɔ wo le bena: Mawu gbagbe viwo.“

27 Ke Yesaya do ɣli ɖe Israel ŋuti bena: „Ne Israel-viwo ƒe xexlẽme asɔ gbɔ abe ƒutake ene la, woaɖe amesiwo susɔ la;

28 elabena Aƒetɔ la awu nya la nu kaba le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso nya la me kpuie le anyigba dzi.“

29 Eye abe alesi Yesaya gblɔ nya ɖi ene bena: „Ɖe menye Aƒetɔ Zebaot ye susɔ ƒome ɖi na mi o la, anye ne mietrɔ zu abe Sodom ene, eye míaɖi Gomora.“

30 Azɔ nuka gblɔ ge mialã? Trɔ̃subɔla, siwo menɔ dzɔdzɔenyenye yome o la, ƒe asi su dzɔdzɔenyenye dzi; ke xɔse mee dzɔdzɔenyenye la tso;

31 ke Ismael, si nɔ dzɔdzɔenyenye ƒe se la yome la, ƒe asi mesu dzɔdzɔenyenye ƒe se la dzi o.

32 Nukaŋuti? Elabena womedii tso xɔse me o, ke wodii tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me; wokli nukikli ƒe kpe la,

33 abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Kpɔ ɖa, meɖo nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe anyi ɖe Zion, eye amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan