Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Romatɔwo 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Abraham ƒe kpɔɖeŋu kple Dawid ƒe ɖaseɖiɖi le kpe ɖom edzi bena, woatso afia na ame to xɔse me.

1 Azɔ nuka gblɔ ge míala be, mía tɔgbui Abraham kpɔ le ŋutilã nua?

2 Elabena nenye wotso afia na Abraham tso dɔwɔwɔwo me la, nane le esi, si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu gbɔ o.

3 Elabena nuka ŋɔŋlɔa gblɔna? „Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ.“

4 Ke amesi le dɔ wɔm la, womebua fetua nɛ abe amenuvevenu ene o, ke boŋ abe nusi dzee ene.

5 Ke amesi mele dɔ wɔm o, hafi wòxɔa amesi tso afia na ame mavɔ̃mawu la dzi sena la, wobua eƒe xɔse dzɔdzɔenyenye nɛ;

6 abe alesi Dawid hã gblɔ yayranya na amesi Mawu bua dzɔdzɔenyenye na dɔwɔwɔwo manɔsii la ene bena:

7 Woayra amesiwo wotsɔ woƒe dzidadawo ke wo la, kple amesiwo wotsyɔ nu woƒe nuvɔ̃wo dzi la;

8 Woayra ŋutsu, si Aƒetɔ la mebua eƒe nuvɔ̃ nɛ o la.“

9 Azɔ la de yayranyagbɔgblɔ sia va aʋatsotsoa dzi loo, alo aʋamatsomatso hã dzi mahã? Elabena míegblɔna bena: Xɔse la wotso bu dzodzoenyenye na Abraham.

10 Azɔ la aleke wobui nɛ? Ɖe esime wotso aʋa nɛ loo, alo esime wometso aʋa nɛ haɖe o mahã? Menye esime wotso aʋa nɛ o, ke esime wometso aʋa ne haɖe o boŋ.

11 Eye wòxɔ aʋatsotso ƒe dzesi, si nye xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la, ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu, bene wòanye fofo na amesiwo katã xɔna sena le aʋamatsomatso me la, bene woabui dzɔdzɔenyenye na woawo hã,

12 bene wòanye fofo na aʋatsotsotɔwo hã, amesiwo metso aʋatsotso me ɖeɖeko o, hafi amesiwo zɔna le mía fofo Abraham ƒe xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la ƒe afɔtoƒewo me la boŋ.

13 Elabena menye se la me ŋugbedodo, si wodo na Abraham alo eƒe ƒome bena, wòanye xexeme ƒe domenyila la, to va o, ke boŋ eto xɔse ƒe dzɔdzɔenyenye me va.

14 Elabena nenye amesiwo tso sea me la, wonye domenyilawo la, ekema xɔse la zu gbolo, eye wode ŋugbedodo la da.

15 Elabena se la hea dziku vɛ; gake afisi se mele o la, dzidada hã meli o.

16 Eyata xɔse me wòtso, bene wòanye le amenuveve nu, bene ŋugbedodo nali zã na ƒome sia ƒome, menye amesiwo tso sea me ɖeɖeko o, hafi amesiwo tso Abraham ƒe xɔse me hã, amesi nye mí katã mia fofo la,

17 abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo“ le Mawu, si dzi nèxɔ se ƒe ŋku me, amesi gagbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nusiwo meli o, abe nusiwo li la ene;

18 amesi le esime mɔkpɔkpɔa ɖeke megali o la, wòkpɔ mɔ le xɔse me, bene wòatro zu dukɔ geɖewo fofo, abe alesi wogblɔ ne ene bena: „Nenema lanye wò ƒome.“

19 Eye megbɔdzɔ le xɔse me o, mebu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã, si ku xoxo la, esi wòxɔ ƒe, si ano ƒe alafa, kple Sara ƒe vidzidɔ, si ku la o;

20 eye meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me hã o, hafi esẽ ŋu le xɔse me boŋ, eye wòtso bubu na Mawu,

21 eye wòkpɔ kakaɖedzi blibo bena, nusi ke ŋugbe wòdo la, ate ŋu awɔe hã.

22 Eyata wobui dzɔdzɔenyenye nɛ.

23 Gake menye eya ɖeɖeko ta woŋlɔe ɖi ɖo bena, wobui nɛ o;

24 ke miawo hã tae, mí amesiwo woava abui na, mi amesiwo xɔa amesi fɔ Yesu, mía Aƒetɔ, ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome la dzi sena,

25 amesi wotsɔ hena le míaƒe vodadawo ŋuti, eye wofɔe ɖe tsitre le afiatsotso na mí ta.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan