Romatɔwo 16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuxɔxlɔ̃ le Foibe xɔxɔ ta. 1 Mele Foibe, mia nɔvinyɔnu, si nye Kenxrea-hame ƒe subɔla la, kafum na mi, 2 bene míaxɔe le Aƒetɔ me, alesi dze ame kɔkɔewoe la, eye miakpe ɖe eŋuti le dɔ sia dɔ, si me wòhiã mi le la me; elabena eya ŋutɔ hã nye kpeɖeŋutɔ na ame geɖe, eye na nye ŋutɔ hã. Apostolo la do gbe na Roma-hame la. 3 Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã; 4 woawo nye amesiwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kɔwo ɖo anyi ɖe nye luʋɔ ta, amesiwo menye nye ɖeɖekoe le akpe dam na wo o, ke hame, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome hãe; 5 eye miɖuɖɔ hame, si le woƒe aƒe me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Epeneto, nye lɔlɔ̃tɔ, si nye kutsetse gbãtɔ na Kristo le Asia la, nam ƒã. 6 Miɖuɖɔ Maria, si dze agbagba geɖe le mia ŋuti la, nam ƒã. 7 Miɖuɖɔ Andronika kple Yunia, siwo nye ƒonyemeawo kple hanyegatɔwo, amesiwo xɔ ŋkɔ le apostoloawo dome, amesiwo tre kristotɔnyenye nam la, nam ƒã. 8 Miɖuɖɔ Amplia, nye lɔlɔ̃tɔ le Aƒetɔ me la, nam ƒã. 9 Miɖuɖɔ Urbano, si nye mía hadɔwɔla le Kristo me la, kple Staxis, nye lɔlɔ̃tɔ la, nam ƒã. 10 Miɖuɖɔ Apeles, amesi li ke le Kristo me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ amesiwo tso Aristobulo ƒe aƒe me la, nam ƒã. 11 Miɖuɖɔ Herodion, ƒonyemetɔ la, nam ƒã. Miɖuɖɔ amesiwo tso Narkiso ƒe me, siwo le Aƒetɔ me la, nam ƒã. 12 Miɖuɖɔ Trifena kple Trifosa, siwo le agbagba dzem le Aƒetɔ me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Persis lɔlɔ̃tɔ, si dzea agbagba geɖe le Aƒetɔ me la, nam ƒã. 13 Miɖuɖɔ Rufo, ame tiatia le Aƒetɔ me la, kple dadaa, si nye nye hã danye la, nam ƒã. 14 Miɖuɖɔ Asinkrito, Flego, Herme, Patroba, Herma kple nɔvi, siwo li kpli wo la, nam ƒã. 15 Miɖuɖɔ Filologo kple Yulia, Nerea kple nɔvianyɔnuvi kple Olimpa kple lãme kɔkɔe, siwo katã li kpli wo la, nam ƒã. 16 Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe ɖuɖɔ mia nɔewo nam ƒã. Kristo ƒe hamewo katã ɖuɖɔ mi ƒã. Nuxɔxlɔ̃ le ameblelawo ŋuti. 17 Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ. 18 Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo. 19 Elabena miaƒe toɖoɖo de amewo katã ƒe to me; eyata dzi le dzɔyem le mia ŋuti, ke mele didim bena, mianye nunyalawo le nu nyui me, ke ame dzadzɛwo ɖe nuvɔ̃ ŋuti. 20 Ke ŋutifafa Mawu la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie. Mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve la nanɔ anyi kpli mi katã! Aposrolo la ƒe hadɔwɔlawo do gbe na Roma-hame la. 21 Timoteo, hanyedɔwɔla, kple Lukio kple Yason kple Sosipatro, ƒonyemetɔwo, ɖuɖɔ mi ƒã. 22 Nye Tertio, si ŋlɔ agbalẽ sia la, meɖuɖɔ mi ƒã. 23 Gayo, si nye mía kple hame blibo la ƒe aƒetɔ la, ɖuɖɔ mi ƒã. Erasto, si nye du me gadzikpɔla, kple mia nɔvi Kuarto ɖuɖɔ mi ƒã. 24 Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve la nanɔ anyi kpli mi katã! Amen. Mawu kafukafu. 25 Ke amesi ate ŋu ado ŋusẽ mi le nye nyanyuie kple Yesu Kristo ƒe gbeƒãɖeɖe la nu ɖe nya ɣaɣla, si woɣla tso ɣeyiɣi mavɔmavɔwo me ke la, ƒe ɖeɖefia la nu, 26 esi woɖe ɖe go fia azɔ, eye to nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawome le Mawu mavɔtɔ ƒe sedede la nu, wòna trɔ̃subɔlawo katã nyae hena xɔse ƒe toɖoɖo: 27 Mawu, si nye nunyatɔ ɖeka hɔ̃ to Yesu Kristo dzi la, tɔ nanye bubu la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana