Romatɔwo 12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ɖoɖo bena kristotɔwo fe agbenɔnɔ. 1 Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. 2 Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ. 3 Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la. 4 Elabena alesi ŋutinu geɖewo le ŋutilã ɖeka ŋu na mi, gake ŋutinuawo katã mewɔa ɖo ɖeka ƒomevi o la, 5 nenema ke mí ame geɖewo míenye ŋutilã ɖeka le Kristo me, hafi mía dome ame ɖeka ɖekawo la ŋutinuwo míenye; 6 eye amenuvevenunana, siwo le vovovo la, le mía si le amenuveve, si wona mí la nu; Nenye nyagbɔgblɔɖi la, miagblɔ nya ɖi le xɔse la nu: 7 nenye subɔsubɔ la, mianɔ subɔsubɔ dzi; ne amea ɖe le nu fiam la, nena nufiafia dzi; 8 ne amea ɖe le nu xlɔ̃m la, nena nuxɔxlɔ̃ dzi; amesi naa nu ame la, nena nu le dzimekɔkɔ me; amesi nɔa ame nu la, nedo vevie; amesi kpɔa nublanui na ame la, nekpɔe kple dzidzɔ. 9 Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti! 10 Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu! 11 Ne veviedodo hiã la, migawo ƒome o; mixɔ dzo le gbɔgbɔ me; miwo nusi ɣeyiɣi la hiã! 12 Dzi nedzo mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi! 13 Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi! 14 Miyra amesiwo ɖa mia yome la, miyra, eye migaƒo fi de o! 15 Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la! 16 Midi nu ɖeka ma ke hena mia nɔewo; màgaɖi nu kɔkɔwo yome o, hafi mibɔbɔ mia ɖokui na ame bɔbɔɖeanyiwo boŋ. 17 Migabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o! Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na amea ɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me; 18 ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me! 19 Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mo na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena; „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.“ 20 Eyata ne do le wò futɔ wum la, na nuduɖui, ne tsikɔ le ewum la, na tsii; elabena ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi. 21 Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tso nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana