Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Romatɔwo 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Womagatrɔ Israel tiatia la o.

1 Azɔ mele gbɔgblɔm be: Alo ɖe Mawu gbe eƒe dukɔ la mahã? Gbeɖe! Elabena nye hã Israeltɔ menye tso Abraham ƒome kple Benyamin-to la me.

2 Mawu megbe eƒe dukɔ, si wonyã ɖi la o. Alo mienyã nya, si ŋɔŋlɔ la gblɔ le Eliya ŋɔli, esime wòle tsitre le Mawu ƒe ŋku me, eye wòtso Israel nu la o bena:

3 „Aƒetɔ, wowu wò nyagblɔɖilawo, eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wole nye ku dim.“

4 Ke nya ka Mawu ɖo ŋu nɛ mahã? „Mesusɔ ŋutsu akpe adre, siwo medze klo na Baal o la ɖi na ɖokuinye.“

5 Azɔ nenema ke egbe ŋkeke siawo me hã susɔewo susɔ ɖi le amenuveve ƒe tiatia la nu.

6 Ke ne etso amenuveve me la, magatso dɔwɔwɔwo me o, elabena ekema amenuveve maganye amenuveve o; ke ne etso dɔwɔwɔwo me la, meganye amenuveve o, elabena ekema dɔwɔwɔ maganye dɔwɔwɔ o.

7 Ekema aleke wòle? Nusi ke yome Israel le didim la, eƒe asi mesu edzi o, ke ame tiatiawo ƒe asi su edzi; ke wona ame mamleawo ƒe dzime sẽ,

8 abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, ena ŋku wo, bene womagakpɔ nu o, kple to wo, bene womagase nu o“ vaseɖe egbegbe.

9 Eye Dawid gblɔ be: „Na woƒe kplɔ̃ nazu mɔ̃ kple kpa kple nuɖiaɖia kpakple teƒeɖoɖo na wo;

10 na woƒe ŋkuwo nado viviti, bene womagakpɔ nu o, eye na woƒe mè nabi glebee ɖaasi.“

11 Ekema mebe: Ɖe wokli nu, bene wòadze anyia? Gbeɖe! Ke le woƒe anyidzedze ŋuti wotsɔ xɔxɔ na trɔ̃subɔlawo, bene woana woamawo naʋã ŋu.

12 Ke ne woƒe anyidzedze la zu xexeme ƒe kesinɔnu, eye woƒe bubu la zu trɔ̃subɔlawo ƒe kesinɔnu la, aleke gbegbe woƒe xexlẽme ƒe dedeme blibo la mahazui o ma?

13 Elabena mele gbɔgblɔm na mi amesiwo nye trɔ̃subɔlawo la bena: — Esi menye trɔ̃subɔlawo ƒe apostolo la, mado nye subɔsubɔ ɖe dzi,

14 bene negbe ɖeko mana nye ŋutilãtɔwo aʋa ŋu, eye maxɔ wo dome ɖewo ɖe agbe.

15 Elabena ne wo gbegbe la nye avuléle xexeme la, nuka anye woƒe xɔxɔ la, negbe agbe, si tso ame kukuwo dome mahã?

16 Ke ne abolowo ƒe gbãtɔ la le kɔkɔe la, amɔwɔ blibo la hãe, eye ne ke la le kɔkɔe la, alɔwo hãe.

17 Ke ne wòŋe alɔwo dome ɖewo ɖa, eye wò, si nye gbemiti la, wotsɔ wò do ɖe wo dome, eye nèkpɔ amiti la ƒe kè kple eƒe atimetsi ƒe gome kpli wo la,

18 ekema megaƒo adegbe ɖe alɔwo ŋuti o, ke ne èƒo adegbe la, menye wòe lé kè la ɖe asi o, hafi kè lae lé wò ɖe asi boŋ.

19 Azɔ la nèxɔ dzi bena: Woŋe alɔwo ɖa, bene woatsɔ nye la ado ɖe eme.

20 Enyo! Woŋe wo ɖa le dzimaxɔse ŋuti, ke wò la xɔse ŋuti nèle tsitre ɖo; megado ɖokuiwò ɖe dzi o, hafi nɔ vɔvɔ̃m boŋ!

21 Elabena ne Mawu mekpɔ alɔ, siwo nye atia ƒe dzɔdzɔmetɔwo ƒe nublanui o la, makpɔ wò hã wò nublanui o!

22 Eyaŋuti kpɔ Mawu ƒe dɔmenyonyo kple sesẽ ɖa: eƒe sesẽ ɖe amesiwo dze anyi la ŋuti, ke eƒe dɔmenyonyo ɖe ŋuwò, menye ɖe nenɔ dɔmenyonyo la me; ne menye nenem o la, woalã wò hã ɖa.

23 Eye gake woamawo hã, nenye ɖe wometsi dzimaxɔse dzi o la, woagatsɔ wo ado ɖe eme, elabena Mawu ate ŋu agado wo ɖe eme.

24 Elabena ne wotsɔ wò, si wolã tso amiti, si nye gbemetɔ le dzɔdzɔme nu la, dzi hedo ɖe amiti nyui, si menye wò dzɔdzɔme o la me la, aleke gbegbe womatsɔ wo amesiwo nye dzɔdzɔmetɔwo la, ado ɖe woawo ŋutɔ ƒe amiti la me o ma?

25 Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,

26 eye nenema ke woaxɔ Israel blibo la ɖe agbe, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ɖela la atso Zion, eye wòava aɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖa tso Yakob gbɔ:

27 eye esiae nye nubabla, si le mía kpli wo dome, ne maɖe woƒe nuvɔ̃wo ɖa la.“

28 Le nyanyuie la nu wonye ketɔwo le mia ŋuti, ke le tiatia la nu wonye lɔlɔ̃tɔwo le fofoawo ta:

29 elabena Mawu ƒe amenuvevenunanawo kple yɔyɔ megavenɛ o.

30 Elabena alesi miawo hã mieɖo to Mawu tsã o, ke azɔ wokpɔ nublanui na mi le amesiawo ƒe tosesẽ ŋutii la,

31 nenema ke woawo hã womeɖo to fifia o te nublanuikpɔkpɔ, si wokpɔ na mi la ŋuti, bene woakpɔ nublanui na woawo hã.

32 Elabena Mawu tu nu amewo katã nu ɖe tomaɖomaɖo me, bene wòakpɔ nublanui na amewo katã.


Mawu ƒe nuku-mowo kafukafu.

33 Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!

34 Elabena ameka nya Aƒetɔ la ƒe tamesusu, alo ameka zu eƒe adaŋudela kpɔ mahã?

35 Alo ameka tre nu nanae, bene woagaɖo eteƒe ne mahã?

36 Elabena nuwo katã tsoa eya me, eye wotoa eya me, eye woɖoa ta eya gbɔ; eyama tɔ lanye bubu yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan