Romatɔwo 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yuda tɔwo ɖi woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye; eyata womekpɔ dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la o. 1 Nɔviwò, nye dzimedidi kple nye kukuɖeɖe, si meɖena na Mawu ɖe Israel ta la, enye si bena, woakpɔ xɔxɔ. 2 Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o. 3 Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o. 4 Elabena se la ƒe nuwuwu enye Kristo, bene amesiame, si xɔna sena la, nakpɔ dzɔdzɔenyenye. 5 Elabena Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la ŋuti bena: „Amesi ke wɔ esiawo la, ano agbe to esia me.“ 6 Ke dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la gblɔ bena: Megagblɔ le wò dzi me bena: „Ameka aha ayi dziƒo mahã“ o; esia nye bena, woatsɔ Kristo ava anyigba dzi; 7 alo: „Ameka aɖi ayi tsiẽƒe mahã“ o; esia nye bena, woatsɔ Kristo atso ame kukuwo dome ve. 8 Ke nuka wògblɔ? „Nya la tso ɖe gbewo kpuie, ele nuwò me kple dziwò me hã;“ esiae nye xɔse, si ƒe gbe ƒã ɖem míele la. 9 Elabena ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, eye nèxɔna sena le wò dzi me bena, Mawu fɔ eyama ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, akpɔ xoxo; 10 elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ la. 11 Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: „Amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“ 12 Elabena vovototoa ɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la. 13 Elabena amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee. 14 Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã? 15 Ke aleke woaɖe gbe ƒã, ne womeɖo wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!“ 16 Gake la menye wo katãe ɖoa to nyanyuie lã o; elabena Yesaya gblɔ bena: „Aƒetɔ, amekae xa míaƒe nyagbɔgblɔ dzi se mahã?“ 17 Ekema xɔse la tso nyagbɔgblɔ me, hafi nyagbɔgblɔ la tsoa Mawu ƒe nya me vana. 18 Ke megblɔ be: Alo ɖe womesee o mahã? Ẽ, vavãe! Woƒe numegbe ɖi hoo le anyigba blibo la katã dzi, eye woƒe nyawo de xexeme ƒe seƒewo ke. 19 Ke mele gbɔgblɔm bena: Alo ɖe Israel medze sii oa? Mose ye nye gbãtɔ gblɔ be: „Nye la mana miaʋã ŋu ɖe dukɔ, si menye dukɔ o la ŋuti, eye mado dziku na mi le dukɔ masenugɔme ŋuti. 20 Ke Yesaya do dzi, eye wògblɔ bena: „Amesiwo medim o la, wokpɔm, eye meɖe ɖokuinye fia amesiwo mebia tanye se o la.“ 21 Ke le Israel ŋuti la egblɔ bena: „Ŋkeke blibo la katã me medo nye asiwò ɖe dukɔ, si meɖoa to o, eye wòɖea ɖeklemi la.“ |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana