Psalmowo 99 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ŋutikɔkɔe nakpɔ dziɖuɖu le mɔwufiaɖuƒe la me. 1 Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya. 2 Yehowa lolo le Zion, eye wòɖo kpo de dukɔwo katã dzi. 3 Woakafu wò ŋkɔ, elolo, ŋɔdzi le eŋu, eye wòle kɔkɔe. 4 Eli ŋusẽ anyi na fia, si lɔ̃a nu dzɔdzɔe la, eye nedo nusi dzɔ la te; ena ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye dzi le Yakob. 5 Mido Yehowa, mía Mawu la, de dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ! Eyama le kɔkɔe. 6 Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome eye Samuel le amesiwo yɔa eƒe ŋkɔ la dome. Woyɔ Yehowa, eye wòɖo to wo. 7 Enɔ alilikpo dodo me ƒo nu kpli wo, wolé eƒe sewo me ɖe asi, eye wòde ɖoɖo asi na wo. 8 Yehowa, mía Mawu, èɖo to wo; Mawu, si tsɔna kena, nènye na wo, eye nèbiaa hlɔ̃ ɖe woƒe nu masɔmasɔ wɔwɔwo la. 9 Mido Yehowa, mía Mawu la, ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe to kɔkɔe la ŋgɔ, elabena Yehowa, mía Mawu la, le kɔkɔe! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana