Psalmowo 98 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Wodzi aseyeba na Yehowa le xexe blibo katã me. 1 Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nukunuwo! Eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ kɔkɔe la xɔ nɛ. 2 Yehowa ɖe eƒe xɔname fia, eklo nu le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi le dukɔwo ŋku me. 3 Eɖo ŋu eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ na Israel ƒe aƒe la Anyigba ƒe mlɔenuwo katã kpɔ mía Mawu, ƒe xɔname. 4 Mi anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, aseyetsotso neɖi le mia nu, eye midzi kafukafuha! 5 Midzi kafukafuha na Yehowa ɖe kasaŋku ŋu, ɖe kasaŋku kple ha ƒe ɖiɖi ŋu, 6 ɖe dze kple kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu! Mitso aseye le Yehowa, fia la ŋku me! 7 Atsiaƒu kple eme nuwo neɖe gbe kpe ɖe xexeame kple eme nɔlawo ŋu! 8 Tɔsisiwo neƒu akpe, towo katã netso aseye 9 le Yehowa ŋku me, elabena egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba! Aɖrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eteƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana