Psalmowo 97 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Zion kpɔ dzidzɔ be, Mawu nye ŋusẽ katã tɔ. 1 Yehowa nye fia, anyigba netso aseye, ƒukpo geɖeawo nekpɔ dzidzɔ! 2 Alilikpo kple tsizi ƒo xlãe, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye eƒe fiazikpui ƒe anyinɔ. 3 Dzo le yiyim le eŋgɔ, eye wòfiã eƒe futɔwo godoo va kpe. 4 Eƒe dzikedzowo klẽ ɖe xexea me; anyigba kpɔe, eye wòlulu. 5 Towo lólo abe anyigba ene le Yehowa ŋku me, le anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me. 6 Dziƒowo de gbe ƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, eye dukɔwo katã kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe. 7 Ŋu nekpe aklama kpakpɛ subɔlawo katã, amesiwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, mawuwo katã mede ta agu nɛ! 8 Zion see, eye dzi dzɔe, Yuda-nyɔnuvi tso aseye le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ta, Yehowa. 9 Elabena wò Yehowa, ènye tatɔ le anyigba blibo la dzi, edo kpo ŋutɔ ɖe mawuwo katã dzi. 10 Mi amesiwo lɔ̃a Yehowa la, milè fu vɔ̃! Ekpɔa eƒe mawumemewo ƒe luʋɔ ta, eye wòɖea wo tsoa ame vɔ̃ɖiwo si me. 11 Kekeli dona na ame dzɔdzɔewo kple dzidzɔ na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la. 12 Mi ame dzɔdzɔewo, mikpɔ dzidzɔ de Yehowa ŋu, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana