Psalmowo 95 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Akpedada kple toɖoɖo. 1 Mitso! Mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye míagli kple dzidzɔ ɖe míaƒe xɔname ƒe agakpe la ŋu! 2 Mina míatsɔ akpedada ado ɖe eƒe ŋku me, eye míatsɔ kafukafuhawo atso aseye ɖe eŋu. 3 Elabena Mawu gã enye Yehowa kple fia ga de mawuwo katã dzi. 4 Eya si me anyigba ƒe globoƒewo le, eye etɔe nye towo ƒe tsutsuẽƒe; 5 etɔe nye atsiaƒu, si wòwɔ, kple ƒuƒuiƒe, si eƒe asi wɔ. 6 Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo de Yehowa, mía wɔla, ŋku me! 7 Elabena eya nye mía Mawu, eye míawo míenye dukɔ le eƒe lãnyiƒe kple eƒe si me lẽwo. Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, 8 migasẽ miaƒe dzime ahe le Meriba kple gbemagbe le Masa le gbeadzi ene o! 9 Afisi mia fofo wo tem kpɔ, eye wodom kpɔ le, evɔ wonye wokpɔ nye nuwɔwɔwo hafi. 10 Ƒe blane sɔŋ ƒome sia nyɔ ŋu nam, eye megblɔ be: Dukɔ, si ƒe dzi tre mɔ, wonye eye womenya nye mɔwo o; 11 ale be meke atam le nye dziku me be: Ne woahade nye gbɔdemeƒe la fi! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana