Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 94 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu nabia biɔ̃ tutɔwo.

1 Mawu hlɔ̃biala, Yehowa, Mawu hlɔbiala, do!

2 Wò anyigba ƒe ʋɔnuɖrɔ̃la, kɔ ɖokuiwò dzi, eye naɖo dadalawo ƒe nuwɔwɔ teƒe na wo!

3 Ɣekaɣie, Yehowa, ɣekaɣi ame vɔ̃diwo atso aseye ase ɖo?

4 Wole nuƒoƒo yrom hele nya tovowo gblɔm; ame vɔ̃ɖiwo katã le ɖadzra ɖam.

5 Yehowa, wogbã wò dukɔ la nyanyanya, eye wole wò domenyinu la ɖe anyi,

6 wowu ahosiwo kple amedzrowo, eye woɖo hlɔ̃ ɖe tsyɔeviwo ŋu

7 hele gbɔgblɔm be: Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la medze sii o!

8 Mi gegeme, siwo le dukɔ la dome, midze sii, eye mi bometsilawo, ɣekaɣi miadze nunya?

9 Eya, amesi wɔ to, ɖe mase nu oa? Eya, amesi wɔ ŋku, ɖe makpa nu oa?

10 Eya, amesi hea to na dukɔwo, ɖe mahe to oa? Eya, amesi fia nunya amegbetɔwoa?

11 Yehowa nya amegbetɔwo ƒe susuwo be, dzodzro wonye.

12 Yehowa, woayra ŋutsu, si nèhe to na, eye nètsɔ wò se le fia nui,

13 ne nana gbɔdzɔe le dzɔgbevɔ̃eɣi, si me woɖea yɔɖo na ame vɔ̃ɖiwo ya.

14 Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu la di o,

15 Elabena ʋɔnuɖɔɖrɔ̃ agatrɔ ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la, aku ɖe eŋu.

16 Ameka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam, eye ameka ado ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu ɖe nunye?

17 Ɖe menye Yehowa ye xɔ nam o la, anya ne eteƒe makpɔ adidi hafi ɖoɖoe nazi le nye luʋɔ ŋu le tsiẽƒe o.

18 Ne mele gbɔgblɔm be, nye afɔ le ʋaʋãm la, Yehowa, wò amenuveve léam ɖe asi.

19 Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.

20 Ɖe gbegblẽ ƒe zikpui, si tsoa hiãkame ɖoa anyi ɖe sea teƒe la, ade ha kpliwòa?

21 Wode ha bibibi ɖe ame dzɔdzɔe la ƒe luʋɔ ŋu, eye wobu fɔ ʋu maɖifɔ.

22 Ke Yehowa enye nye mɔ sesẽ, eye nye Mawu enye nye sitsoƒe ƒe aga.

23 Ana woƒe dzɔgbevɔ̃e natrɔ va wo dzi, eye wòatsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ atsrɔ̃ woe; Yehowa, mía Mawu la, atsrɔ̃ wo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan